#Article 1: Biblia (274 words)


Biblia nye Yudatɔwo, Kristotɔwo ƒe hame vovoawo kpakple ha si woyɔna be Eastern Orthodox hame le yevugbe me la ƒe agbalẽ vevietɔ na subɔsubɔ. Vovototo suea ɖewo le hasiawo ƒe Bibliawo me.

Yudatɔwo yɔna woƒe Biblia be Tanak alo Hebri Biblia. Kristotɔwo hã yɔna woƒe Biblia be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe. Wo ma agbalẽ sia ɖe akpa eve me. Akpa gbãtɔ enye Nubabla xoxoa eye evelia enye Nubabla yeyea. Kristotɔwo ƒe hame aɖewo tsɔ agbalẽ si wo yɔna be Apokrifa kpe ɖe woƒe Biblia ŋuti. Agbalẽ ɖe wo le Roma Catholic kple Eastern Orthodox tɔwo ƒe Biblia me si wo mele Yudatɔwo ƒe Tanak me o.

Agbalẽ 39 ye le Hebri Biblia (Hebri:תנך) me. Ameaɖewo yɔnae be Hebri Biblia elabena Hebritɔwo gbɔ agbalẽa tso. Ameaɖewo hã wo yɔnae nenema elabena Hebrigbe me wo ŋlɔe ɖo. Eya wo ŋutɔ wo yɔnae be Tanak elabena woƒe agbalẽ le akpa etɔ̃ me. Akpa etɔ̃ sia wonye Tora (nufafiawo), Nevi'im (nyagblɔɖilawo) kple Ketuvim (nuŋɔŋlɔwo).

Tora alo nufafiawo wonye Mose ƒe agbalẽ atɔ̃awo. Wo yɔna agbalẽ atɔ̃awo le Hebrigbe me be Chumash eye Helatɔwo hã wo yɔnae be Pentateuch. Tora agbalẽawo wo nye:

Agbalẽ enyi siwo le N'viim la me wonye:

Agbalẽ wuiɖeka siwo le K'tuvim la me wonye:

Kristotɔwo ƒe Nubabla xoxo de sɔsɔ ge kple Yudatɔwo ƒe Tanak.

Nubabla yeye la ku ɖe Yesu Kristo ƒe agbe kple nufafia ŋuti. Apostolo Paulo kple nusrɔla bubuawo ƒe agbalẽwo si woŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe hame gbãtɔwo kpakple Yohanes ƒe Nyaɖeɖefia la wo katã le eme. Agbalẽ 27 ye le Nubabla yeyea me. Woŋlɔ agbalẽ siawo dometɔ geɖe le Helagbe me. Agbalẽawoe nye:

Nyanyuie la

Paulo ƒe agbalẽwo

Yudatɔwo ƒe agbalẽwo 




#Article 2: Amewo Eʋe (111 words)


Eʋeviwo, wo kata͂ tso Nɔtse alo Ƞɔ͂tsɛ dua me. Woƒe fia si nɔ dziɖum la ŋkoe nye Tɔgbe Agɔkɔli. Wotɔ gli-kpɔ ga aɖe ƒoxla Nɔtse du blibo la kata. Alesi fia la nye ŋutasela ta la, dumeviawo kata ɖoe kplikpa be ye woasi adzo le fia la gbɔ. Le esiata la, wo ɖoe na nyɔnuwo be woa nɔ tsi ƒom ɖe gli-kpɔ la ŋu ɣesiaɣi si woanyanu alo aklɔ agbame. Esia yi edzi vaseɖe esime gli-kpɔ la gba eye Eʋeawo to gli-kpɔ gbagba la me si le fia vɔɖi Tɔgbe Agɔkɔli gbɔ yi ɖe Ghana, Benin kple Togo ƒe teƒe bubuwo. Le fifia me la, Eʋeawo anɔ abe ame 2,000,000 ene,




#Article 3: Eʋegbe (269 words)


Eʋegbe nye Eʋeawo ƒe gbe siwo dona. Wo dona Eʋegbe le Ghana kple Togo kpakple Benin Dahumey dukɔ siwo le Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo la me. Gbe dodo siwo teɖe Eʋegbe ŋu wonye Fɔŋgbe kpakple Adzágbe. Esiawo katã wonye Gbe siwo doƒome kple Ʋegbe.
Germania yo ŋutsu , si srɔ̃ nugeɖe le Afrika ŋuti la, ŋlɔ agbalẽwo geɖe le Eʋegbe ŋuti. Ame bubu siwo srɔ̃ nu le Eʋegbe ŋuti wonye Gilbert Ansre, Hounkpati B. Capo, Herbert Stahlke, Roberto Pazzi, Felix K. Ameka, Alan Stewart Duthie. Gake le Eʋenyigbadzi la Sam J. Obianim nye amesi ŋlɔ Ʋegbe gbalẽ geɖewo. Agbalẽ siawo dometɔ ɖeka enye Amegbetɔa alo Agbezuge ƒe ŋuti nya.

Eʋenyigba de lolo ge abe Asãte kple Dahome, siwo le eƒe goawo kple eve dzi, ene. Ke Eʋeawo katã meƒo ƒu ɖekae wɔ fiaduƒe gã abe woamawo ene kpɔ o .

Togbɔ be ɖekawɔwɔ blibo mele wo dome o hã la, fiaɖufe gã eve mawo dometɔ aɖeke meɖu wo dzi kpɔ o, ke boŋ Eʋeawo nɔ wo ɖokui si, va se ɖe esime yevunya va .

Ablɔɖegbeɖiɖi adre ye le Eʋegbe me.

ŋɔŋlɔdzesi blaetɔ̃ ye le Eʋegbe me.

Germaniatɔwoe dze Ʋegbe ŋɔŋlɔ gɔme. Wozã ŋɔŋlɔdzesi si woyɔna le Aŋlesigbe me be African Reference alphabet kpakple Latin alfabet la kpakple dzesi ʋeaɖewo kpe ɖe eŋu tso International Phonetic Alphabet la me.

Wotsɔ dzesi sia ( ˜ ) fia be wogblɔna alfabet la le ŋɔtimegbe me.
Dzesi bubuwo fiana be ele be na bɔbɔ gbe alo na kɔ wo gbe ɖe dzi.

Eʋegbe enye gbe si wo gblɔna le Gana kple Togo dukɔwo me sia.

Agbalẽ siawo le Eŋlisigbe- kple Dzamagbe me.




#Article 4: Ephraim Amu (924 words)


Ephraim Kɔku Amu nye Ghana hakpalawo ta tɔ ɖeka kpakple nufiala. Eƒe ha nyanyetɔ ɖeka ye nye Yen Ara Asase Ni si ƒe gɔmeɖeɖe le Eʋegbe me enye Mia denyigba lɔ̃lɔ̃ la.

Wodzi Ephraim le Peki-Avetile le Anyɔnyɔ 13 le ƒe 1899 me. Esi wònye Kuɖagbe wodzii ta woyɔe be Kɔku. Eƒe dzilawo ƒe ŋkɔwo nye Stephen Amuyaa kple Sarah Akoram. Ƞkɔ nyanyɛ si woyɔna na fofoa enye Papa Stefano. Papa Stefano nye aɖaŋuwɔla eye wonye nukpala. Wode mawutsi ta na Ephraim Amu le Ɔktoba 22 lia le ƒe 1899 dzi. Osɔfo Rudolf Mallet enye amesi de mawutsi ta nɛe. 

Kɔku Ephraim dze gɔmedzesuku gɔme le Dame le ƒe 1906 me. Eyi Peki Blengo titina suku esime woxɔ ƒe wuieve. Ekpɔ dzidzɔ le hadzidzi kple agblede nusɔsrɔ ŋuti vevie eyata ebia tso woƒe nufiala Karl Ntem si be woafia saŋku ƒoƒo ye. Đoɖo si nɔ eya kple nufiala Ntem dome enye be Ephraim  Kɔku ade agble na Aƒetɔ Ntem le Memleɖagbewo ekema nufiala ha͂ afia saŋkuƒoƒoe. Kɔku wu eƒe titina suku nu le ƒe 1915 me eye woxɔ ɖaseɖigbalɛ. Wu esia la, ekpɔ dzidzedze le Abetifi Nufialawoheƒe dodokpɔ si wowɔ la me eyata le Ƒe 1916 ƒe gɔmedzedze le Dzove me la eya kple ehati eve bubu dze  mɔ yi Abetifi.
 
Woƒe mɔzɔzɔ tso Peki yi Abetifi nye agbadroƒe alafa ɖeka kple blaatɔ ƒe azɔli. Le mɔzɔzɔ sia me la, ehia͂ be woatɔ adzudzɔ le mɔta. Wotɔ ɖe duwo me abe Koforidua, Nkawkaw, Asubone kple Obomeŋ.
Esi  Kɔku ɖo suku la ekpɔ be sukuhati aɖewo doa gasɔ eyata eya ha͂ ɖoe kplikpa be yeakpa atisɔ na yeɖokui. Le nyateƒe me la, ekpa sɔ sia ha͂  vava eye woɖi ɖase be sukutatɔ Stern ƒe vi gɔ ha͂ kpɔ gome le atisɔ sia dodo me.  Amu gayi dzi kpa abo na sukua ɖe abo si wodɔna tso ablotsi la teƒe.
 
Ephraim  Kɔku Amu wu eƒe hehe nu le ƒe 1919 me. Abe nufiala yeye la, ele na Amu be woagblɔ Mawunya eye woana kaklanya eƒe nufialawo kple  hamea le ehatiwo ƒe ŋkɔ me. Amu tia eƒe mawunya tso Mateo ƒe agbale me. Mateo  Ta 25 kpukpui 40. Eƒe nyati na Kwasiɖa Mawunya sia enye, “Aƒetɔ la aɖo miaƒe nugbegblewo teƒe na mi le esi migblee ɖe ɖevi siawo ta”. Egblɔ eƒe mawunya la le Eʋegbe kple Akuapem me.
Le woƒe suku nu wuwu me la ʋuwo va de ha vie eyata enɔ bɔbɔe na Amu be woaɖo ʋu tso Abetifi va Osino eye tso afima etsɔ keteke va ɖi ɖe Koforidua hafi tsɔ ʋu ɖo Frankadua. Ke esi woɖo Frankadua la ehia be woazɔ afɔ yi  aƒe.

Tso Yanuar gbatɔ 1920 la , Amu dze dɔ gɔme abe nufiala le Peki Blengo E.P. Titina suku me.  Esi hadzidzi doa dzidzɔ nɛ ta la eɖoe kplikpa be yea fia ha sukuviawo ale be woate ŋu aŋlɔ eye woadzi ha ɖe ɖoɖo alo noti nu. Le esia wɔwɔ me la, eyi Koforidua ɖaƒle kasaŋku adodoe si woyɔna be Henry Riley saŋku. Ede saŋku sia ʋu vaɖo Frankadua gake ele nɛ be woatsɔ saŋku sia ɖe ta tso Frankadua va ɖo Peki. Ke esia mesese na Kɔku Amu kura o. Eya kple mɔzɔla ɖeka si woyɔna be Aƒetɔ Lo la wɔ mɔzɔzɔ sia zã blibo la katã eye Amu ɖo Peki le fɔŋli kple saŋku la le eƒe ta. 
Esi nusɔsrɔ meti kɔ na Tata Amu o ta, edi be yeaga srɔ saŋku ƒoƒo ale be woama ɖo memie na ye eyata eyi Osɔfo Allotei Pappoe amesi nye nutome Osɔfo na Metɔdist hamea la gbɔ be woafia saŋku ƒoƒo ye.
Le ƒe 1926 me la wo do Amu ɖe ŋgɔ eyata wohiã be woaɖee yi Akrɔpɔŋ nufialawo teƒe abe nufiala ene. Le afisia la ame geɖewo kpɔ Tata Amu ƒe nuwɔna abe movinu. Abe nufiala si kpɔa agbledenyawo dzii la, ebia tso sukuviwo si be woatsɔ afɔdzi ado nukuwo abe nunyronu gake esia medze nusrɔlawo ŋu o, elabe wobui be mele na agbalɛnyala be woade asi mi ŋuti o. Ke amu ŋutɔ fia kpɔɖeŋu wo. Eya ŋutɔ lɔa mi la yina ɖe agble la me hedoa nukuawo. Togbɔ be sukuviawo lia liʋiliʋi ha͂ la wokplɔnɛ ɖo le dɔa wɔwɔ me. 
 
Amu xɔ ɖe ameyibɔ nuwɔwɔ dzi ale gbegbe be eƒe tsinonu kekeake ha nye tre. Esrɔ Akuapemgbe akuaku tso eƒe hadzihamenɔlawo gbɔ.  Tso 1927 la, Tata Amu ɖoe kplikpa be ameyibɔwudodowo koe anye yeƒe nudodo. Eɖoe be yemaga do yevuwu titri siwo na wodzea fifia la le ameyibɔ nyigba dzi o. 
 
Tata Amu to eƒe aɖaŋuwɔwɔ me kpa abɛ tso pamplo me. Eyɔ esiawo be Odurogya, odurogyaba kple atɛtɛnbɛn. Amu kpa ha geɖe siwo dometɔ aɖewo nye

Le ƒe 1931 le esi Tata Amu gblɔ mawunya le eƒe ameyibɔvɔ me megbe la, woyɔe ɖe hamea ƒe akametiwo ŋgɔ eye Osɔfoga Peter Hall ka mo nɛ gblɔ be  yewomexɔe se be ata avɔ agblɔ mawunya  le gbedoxɔ me o eye yewoxɔe se ha͂ be magawɔe akpɔ gbeɖe o. Tso gbemagbe dzi la, Kɔku Amu ɖe adzɔgbe na eɖokui be anyo be yeanye nufiala kple saŋkuƒola le hamea me wu be yeazu Mawunyagblɔla si ado yevuwu manyatanuawo le Afrika dzoxɔxɔ sia me. Evɔ la, Amu ƒe didi veviewo dometɔ ɖeka enye be yeazu Osɔfo hafi.
 
Tata Amu ɖe srɔ̃ le Masa1942 me. Eɖe Aƒenɔvi Beatrice Yao tso Peki Blengo. Tata Amu kpa atiɖaka adodoe aɖe na srɔ̃a  ɖe yevugaɖaka teƒe. Tata Amu xɔ ƒe blaene-vɔ-etɔ hafi ɖe srɔ. Le Tedoxe 27 lia 1965 le Memleɖa aɖe gbe la Legon Yunivɛsiti na akɔtadzesi kple ɖaseɖigbalɛ kɔkɔtɔ Đɔkita le hakpakpaɖaŋu me Tata Amu.




#Article 5: Yaa Asantewaa (528 words)


Wodzi Yaa Asantewaa (1840 - Kele 7, 1921) le Besease le Asante nutome. Yaa Asantewaa ɖe aƒetɔ Nana Owusu Kwabena eye wodzi vinyɔnuvi ɖeka si nye Ama Seerwah Brekatu ko, Yaa Asantewaa nɔ Besease hetsi hafi ʋu yi Boankra be woakpɔ eƒe agblewo dzi eye woaga keke wo ɖe dzi ha.
 
Esi Iŋlis-yevuwo le mamayɔvia, Afrane Kuma le ƒe 1896 me la Yaa Asantewaa ɖu dzi abe fianyɔnu kple Dufia ŋutsu. Yaa Asantewaa ho aʋa ɖe Inŋlisyevuwo ŋu le ƒe 1900 esi Mɔmefia Hodgson di vevie be yeaxɔ Asantefia ƒe sikazikpui. Ke nu bubu siwo na Asanteawo ho aʋa vevie sia wo enye
a. adzɔga si Iŋlis dziɖuɖu ɖo be Asanteawo naxe
b. Iŋlis yevuwo ƒe fiaga Prempe I ƒe aboyoɖeɖe
d.Asanteawo dzi zizi be woawɔ mɔɖedɔ kple agbatsɔdɔ
ɖ. Iŋlisiawo ƒe dzotɔtɔ du aɖewo le Kumasi gbɔ
Hafi Yaa Asantewaa kple Asanteawo na ho aʋa la, Nyɔnufia Yaa Asantewaa kpe kple fiawo le Tedoxe 28lia le 1900 ƒe zatiƒe eye wonyi dzo . Aʋa sia tso dziku si wodo na Asanteawo to Hodgson ƒe biabia be woatsɔ Asanteawo ƒe fiazikpuiga si wofa sika la na Iŋlisiawo ta.
 
Yaa Asantewaa zu aʋafia eye woɖo Edweso abe tanɔƒe na eƒe aʋakɔ. Etia Akwasi Badu abe aʋaŋgɔgbea. Yaa Asantewaa ƒe aʋaɖaŋu aɖewo enye be woaɖo gli ɖe Kokofu mɔdodo dziabd akpoxɔnu ɖe yevuawo ƒe tuvɔwo ŋu. Wogblɔ ha be ede amatsi tɔxɛ si wowuna ɖe asrafowo dzi esi wɔe be tukpe melɔa wo bɔbɔe o. Yaa Asantewaa ŋutɔ kpe aʋa kple yevuawo gake mexɔ tukpe bi ɖeka gɔ ha o.
Iŋlis yevuwo ƒe aʋalɔgo si aʋafia ST Hill, Lt. Aspinall, kple Major Manta-naro kplɔ la kpe aʋa kple Asanteawo le Anyɔnyɔ 30lia le ƒe 1900me. Esi yevuawo si Asanteawo la woga trɔ yi Kumasi. Esi yevuawo di vevie be ye woa le fia tsitretsilawo ta la, wona mɔnukpɔkpɔ fia siwo he wo ɖokuiwo ɖe go la be woakpɔ ablɔɖe tohe aɖeke manɔmee. Yevuawo na adzɔga pɔnde 600 be amesiame si ate ŋu le fia siwo ho aʋa dometɔ aɖe la akpɔ gome tso ga home sia me. Esia wɔe be wote ŋu le Asantefia gede siwo ho aʋa ɖe Iŋlisiawo ŋu la.
Le Anyɔnyɔ 30lia la Asantewaa kpe aʋa vɔɖitɔ kple Iŋlisiawo esime Asanteawo bu ame alafa eve kple ewo sɔŋ esi me fia ade ha nɔ. Togbɔ be woɖu Asanteawo dzi le aʋa sia me ha la Yaa Asantewaa mena ta o. Ke boŋ esi yi Atwima heva do ɖe Tepa, ke le Tedoxe 3lia le ƒe 1901 me la ena ta.
Iŋlisiawo ɖe aboyo Yaa Asantewaa hekplɔe yi ɖe Seychelles ƒukpo dzi . Wodze mɔzɔzɔa gɔme tso Elmina le Mai ƒe ŋkeke 25lia. Woɖo tɔdziʋu alo meli si woyɔna be 'Darkwa”. Meli sia ɖi go ɖe Sechelles le Yuni le ƒe akpe ɖeka alafa asieke (1901) me . Yaa Asantewaa nɔ ƒukpo sia dzi vaseɖe esi woku le Ɔktoba 18lia, 1921 dzi. Exɔ ƒe alafa ɖeka kple ɖeka (101) hafi ku
Togbɔ be Yaa Asantewaa abe fia ho aʋa ɖe Iŋlisiawo ŋu be yeaʋli yeƒe dukɔ ta ha la ewɔ domedzadzraɖo dɔ ha. Edi vevie be Asanteawo nawɔ ɖeka kple Iŋlisiawo le tudada gbatɔ le Bari megbe hafi.




#Article 6: Gana (104 words)


Gana nye Afrika dukɔwo dometɔ ɖeka. Ele Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Gana do liƒo kple Togo kple, Nyiɖu Ƒuta kpakple Burkina Faso. Aƒu si woyɔna be Gulf of Guinea la le eƒe anyiehe lɔƒo. Eƒe dukɔmenɔlawo ƒe xexlẽme ɖo  lɔƒo (2016).
Woɖo Gana tso Gold Coast kpakple British Togoland si nɔ Fransetɔwo ƒe dziɖuɖu te la ƒe kpekpe me. Gana dukɔa xɔ dokuisinɔnɔ tso Eŋlisiawo gbɔ le Tedoxe 6 dzi, le ƒe 1957 me. Gana ƒe fiadzue nye Accra.

Gana ƒe dukplɔla enye Nana Addo-Dankwa Akuffo Addo. Ele dziɖum tso Dzome 7, 2017. Eƒe kpeɖeŋutɔ enye Dr Mahamoudu Bawomia.

Nuto ewoe (10) le Gana.   

 




#Article 7: Avu (667 words)


Avuwo (Latin ŋkɔ: Canis lupus familiaris ) (Iŋlishi ŋkɔ:  )wonyé lãfɔne si do ƒome kple amegãxi ƒomea. Wonyi na avuwo ɖe hamehame si woƒe gbɔsɔsɔ ano alafawo me. Le esia ta la, vovototowo sɔgbɔ ɖe woƒe atsudzɔdzɔ, ŋutilãgbalẽwo kpakple fuwo do me ɖo. Ameɖesiaɖe kloe nyia avuwo abe aƒemelã ene. Kɔta ʋɛ aɖewo ɖua avu le nɔnɔme tɔxɛ aɖewo me. 

Avuwo nye aƒemelã de ŋgɔwo dometɔ ɖeka. Ame aɖewo kpɔa avuwo abe nuteƒewɔlawo ene. Wo lɔ̃na amewo ŋutɔ eye wo lɔ̃na kɔɖiɖi kple amewo hã.

Ame geɖewo xɔ se bena avuwo ƒe susuwo de ŋgɔ wu lã bubuwo tɔ. Avu si Iŋglisiawo yɔna be  la, teŋu srɔ̃na sewo tso amewo gbɔ, he wɔna ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Avu ƒome bubuwo hã fía woƒe nunya le alesi wo teaŋu sí na tso hɔdodowo megbe alo le alesi me wo teaŋu fina nuɖuɖu si le wo dzrom ene. Avuwo wɔna dɔ geɖewo hã. Wo kpena ɖe dɔwɔla siwo xɔna na ame bubwo kple ame siwo le xaxa me la ŋuti. Wo kpena ɖe kpovitɔwo hã ŋu. Wo dometɔ aɖewo nyo na nuwo didi, amewo didi kpakple aƒewo ŋu dzɔdzɔ. Avua ɖe wo nyona lãwo kpɔkplɔ, ŋkugbagbatɔwo kpɔkplɔ kpakple adedada.

Le esime avuwo do ƒome kple amegãxiwo ta la, wo bi ɖe adedada me ŋutɔ. Wo ƒe glã titri wo kple wo ƒe aɖu ɖaɖɛwo kpea ɖe wo ŋuti le lãwo lele kple wo ɖuɖu me. Wo nye dusila sesẽwo hã eye wo ɖea abla ŋutɔ, gake wo metea ŋu sia du yi na didiƒe o. Avuwo ƒe nukpɔkpɔ nyo ŋutɔ gake wo me te ŋu kpɔa nuwo katã ƒe amadede nyuie o. Wo ƒe nusese hã nyo wu amegbetɔwo tɔ. Avuwo ƒe ʋeʋẽsese do ŋgɔ na amewo tɔ sãa.

Amea ɖe wo nyina avuwo hena nane siwo mesɔ tututu o. Wo wɔna ga geɖe tso esia me. Esiawo dome tɔ aɖewo enye dusisi, tugbedzedze kple dɔdeasiwo wɔwɔ me ɖe se dzi.

Togbɔ be avuwo nye lãɖulawo gɔ̃ hã, wo ɖuna nuɖuɖu tɔgbi desiaɖe kloe fãa. Le kpɔɖeŋu me, wo ɖuna gbe abe alẽwo kple gbɔ̃wo ene. Nuɖuɖu ʋe siwo menyo na avuwo o la dometɔ aɖewo enye nuɖuɖu siwo me koko le, sabalawo, weintsetsewo, weintsetse ƒuƒuwo kple azi ƒomevi ʋea ɖe wo. Le ƒe 2000 me la, nusrɔla ɖe wo va dzesii be ne avuwo ɖu weintsetsewo alo weintsetse ƒuƒuwo suea ɖe ko la, ewɔna anyira ɖe avuawo ƒe ayikuwo ŋuti.

Avufẽwo ɖoa tsitsi me tso ƒe ɖeka yi ɣleti wuiatɔ̃ megbe. Avunɔwo ƒe asiyɔyɔ dzɔa zi eve le ƒe ɖeka me. Ne avunɔ mele asi yɔm o la, melɔ̃na dɔdɔ kple atsuawo o. Ne avunɔ fɔfu la, edzia viawo le kɔsiɖa asieke lɔƒo megbe. Zi geɖe la, wo ƒe fufɔfɔ ƒe didime dea kɔsiɖa enyi vaseɖe ewo sɔŋ. Avuwo dzia viwo abe ade lɔƒo zi ɖeka, gake woƒe gbɔsɔsɔ me teŋu nɔa ene kple wuieve dome.

Avuwo lea dɔ abe amegbetɔwo ene gake woƒe dɔlele ƒomeviwo dometɔa ɖe wo to vovo na amewo tɔ. Dɔléle sia ɖe wo enye rebis. Ne avu le rebis dɔ lem la, evɔna na tsi nono. Dosuwo kple ŋɔwo hã ɖea fu na avuwo. Dɔléle bubu siwo le avuwo me enye ali dɔ, klo dɔ, ŋkugbagba kple tokuku. Amegbetɔwo ƒe dɔléle aɖe wo abe suklidɔ hã ɖea fu na avuwo.

Avu geɖe wo nɔna agbe ƒe wuietɔ̃ yi wuiene lɔƒo ene. Avu gã wo nɔa agbe ƒe adrẽ ko gake avu sue wo nɔa agbe va ɖo ƒe bla eve sɔŋ. Avu si nɔ agbe wo didi wu le xexeame, si wo ŋlɔ daɖi enye avu si Inglisiawo yɔna be  si ku le ƒe 1939 me le Amerika. Éxɔ ƒe blaeve-vɔ-asieke (29) kple ŋkeke blaeve-vɔ-andrẽ (27) sɔŋ. Avua ɖe le Inglisiawo de xɔ ƒe blaeve-vɔ-asieke (29) le ƒe 2007 me.

Le xexeame ƒe dukɔa ɖe wo me la, wonyina avuwo na ɖuɖu. Yuroptɔwo kpakple Amerikatɔwo bua avuwo ɖe aƒemelãwo me ko. Vietnamtɔwo hã, wonyina avuwo na ɖuɖu kpakple aƒeme nɔnɔ katã.

Mohamed ƒe subɔlawo kpɔa avuwo abe lã tsitsriwo siwo ŋuti mekɔ o.




#Article 8: Yesu (475 words)


Yesu, amesi woga yɔna be Yesu Nazaret-tɔ la, enye ame si enye ame vevietɔwu na Kristotɔwo katã le xexeame godoo. Woga yɔnae be Yesu Kristo hã. Wotsɔ Yesu ŋkɔa tso Helagbe me Ίησους (Iēsous). Yudatɔwo, si gbɔ ŋkɔ sia tso gbã la, yɔnae be יהושע (Yehoshua) alo ישוע (Yeshua). Kristo tso Helagbe Χριστός (christós) me. Esia tso Yudagbe משיח - (machiakh) alo Mesaya, si gɔme enye amesi wosi ami ɖe ta na.

Amesiwo dze Yesu Kristo Yome, xɔse ɖe eƒe nufiafiawo dzi kple nusiwo kata͂ woŋlɔ͂ɖi le Biblia me kuɖe eŋu kpakple amesiwo subɔa le habɔbɔ siwo ɖo xɔse siawo la ŋkɔe nye Krisotɔwo.

Kristotɔwo xɔe se be : Yesu Kristo nye Mawu ŋusekatatɔ ƒevi. Èɖi tsò dziƒo va nɔ amegbetɔwo dome. Ènɔ anyigba dzi wɔ ƒe bla etɔ vɔetɔ. Ema yomela, eku eye wòɖii. Le ŋkeke etɔ megbe la, efɔ tso amekukuwo dome. Etrɔ yi dziƒo bɔbɔ nɔ anyi ɖe efofoa Yehowa ƒe ɖusi me. Àtrɔ ava àdrɔnʋɔnu amegbetɔwo katã ne fofoa ɖemɔ ne be woawɔ esia.

Kristotɔwo xɔ edzi se be ne ame aɖe xɔ edzi se be Yesu Kristo ye nye Mawu ƒe tenuvi la, amema àxɔ agbemavɔ eye ne wogaku eye wòɖii hã la, ne Yesu Kristo trɔ va ko la, amema ànɔ agbemavɔ le anyigba dzi. Nusi wole be amegbetɔ nanya ye nye be Yesu Kristo ɖeka ye nye mɔla, nyaateƒe la kple agbela.

Nusiwo míenya tso Yesu ŋuti la tso Biblia la ƒe Nyanyuigbalẽ eneawo, si wo le Nubabla yeye la me. Ame geɖe siwo nyaa nu le Biblia la ŋuti, xɔ edzi se bena Yesu enye Yudatɔ, si tso Galelia la. Wo ga xɔe se hã bena eyae enye nufiala, atikewɔla kple dɔyɔla, amesi Yohannes Tsitadela la de tsi ta na, eye wo hee ɖe ati ŋu le Yerusalem, le nunɔla Pontio Pilaté te.

Nusrɔla ʋea ɖewo hã gblɔna bena Yesu ɖeke menɔ anyi le xexeame akpɔ o.
 
Kristotɔwo ƒe xɔse enye be Yesu enye Mesaya alo Xɔla si ƒe vava wogblɔ daɖi le Nubabla xoxo la me, eye bena éfɔ tso ku me le eƒe hehe ɖe ati ŋu megbe. Eƒe subɔlawo xɔe se be Yesu enye Mawu, vi la ŋutɔ, si va be yea na ɖeɖe amegbetɔwo, eye yea he wo va ye gbɔe. Kristotɔwo ga xɔe se bena ɖetugbui leaƒe ye dzii, eye eƒe agbe kple dɔwɔwɔwo katã na nyagblɔɖi siwo wogblɔ daɖi tso blema ke la, va eme. Wo ga xɔ edzi se bena Yesu ga trɔ yi dziƒo, eye wo gale tɔtrɔ ge ava anyigbaa dzi zi eveliae.

Mɔsilemtɔwo kpɔa Yesu abe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka ene. Wo me xɔe abe Mawu ŋutɔ alo via ene o. Wo me xɔ edzi se bena wo he Yesu ɖe ati ŋu eye wo ku o. Wo lɔ̃ bena Yesu yi dziƒo eye wo le mɔkpɔm be aga trɔ ava ne xexeame yɔ fũ kple eƒe nuvɔ̃wo.




#Article 9: Ako (322 words)


Akowo (/ 'ɑːkəʊˌwəʊ /) nye xe ƒomevi ɖeka si wole hame abe 350 sɔŋ. Womana xe siawo ɖe akpa gã eve me. Woyɔna wo le Eŋglisigbe me be cockatoo kpakple parrot. Akowo bɔ ɖe xexeame dukɔ siwo me dzoxɔxɔ sɔgbɔ le la me.

Akowo ɖua nukuwo, seƒoƒowo kple nutsetsewo. Woƒe nuɖuɖu vevetɔ enye nukuwo. Wo dometɔa ɖewo dea ade hã. Le kpɔɖeŋu me, ako aɖewo fɔna abɔbɔ.

Xe siawo srɔ̃a amegbetɔwo ƒe nuƒoƒo alebe ne egblɔ nya aɖe le wogbɔ la, woagbugbɔe agblɔ nya ma na wò ha͂. Nusrɔ̃la aɖewo fia be ako aɖewo sena egbegbɔgblɔ aɖewo gɔme. Ako eve siwo ŋkɔwo enye Alex kpaple N'kisi la, wonye ako tɔxewo. Alex srɔ̃ nuwo ƒe ŋkɔwo eye eteaŋu xlẽa nuwo ƒe gbɔsɔsɔ eye wòƒoa nu le nuwo ŋuti. N'kisi hã srɔ̃ nyawo abe akpe ɖeka sɔŋ, eye wòteaŋu zãa nya siawo pɛpɛpɛ hã.

Akowo le vɔvɔm le xexeame. Wo xɔe se bena amewo le wo dzram zã akpa. Evelia la, xɔ tutu kpakple amewo ƒe agbenɔnɔ na wo ƒe atɔwo wɔƒewo le vɔvɔm. Le esiawo ta la, dukɔ aɖewo wɔ se fifia bena amewo megakpɔ mɔ ale akowo le gbe me adzra o.

Tso blema ŋɔli ke la, amewo nyi akowo abe aƒemelãwo ene. Togbɔ be wodzi menya kpɔna o hã, wo ƒe nuƒoƒo kpakple tugbedzedze na be amewo lɔ̃a wonyinyi ɖaa. Ako aɖewo nɔa agbe gbɔ ƒe blaenyi sɔŋ dzi. Eɖewo hã nɔa agbe ƒe ʋe aɖewo ko. Le ƒe 1992 me la, USA Today gbalẽa ŋlɔ be akowo siwo nyim wo le le Amerika ƒe xexleme ɖo 11 miliɔn. .

Ako dzadzra nye ta ɖu na dukɔwo geɖe elabena ako lelawo mewɔna se dzi zi geɖe o. Esia tso woƒe asixɔxɔ gbɔ. Amea aɖewo awɔ nusianu be yewoa le ako adzra awɔ kɔba vie. Wo mega buna akoa wo ƒe nyɔna ŋu o. Dukɔwo wɔ se siwo xe mɔ na akowo lele yakatsɔe le teƒewo zã, gake sedzidalawo ga sɔgbɔ ko.




#Article 10: Afadzato (131 words)


 
Afadzato enye to kɔkɔtɔ wu le Ghana dukɔa katã me, togbɔ be eƒe kɔkɔme nye 880m (alo 2900 ft) ko. To sia le Agumatsa toawo, siwo te ɖe Liati Wote kple Gbledi woŋuti la dome le Ghana ƒe Vɔlta nutome. To siawo woyi vaseɖe Ghana kple Togo dukɔa ƒe axadoƒe.
Aduadu , si nye toa wodometɔ ɖeka la ƒe tame kɔ wu Afadzato, gake womebunae abe to kɔkɔtɔwo o elabena enye to kpui le to kɔkɔ bubuwo ta me. 

Wogblɔe be Afadzato ƒe ŋkɔ tso Avadzeto me. Gbe alo nutsetsewo siwo le toa dzi fiena ŋui na amewo ŋutɔ, eyata agbledelawo kpakple adela siwo dena toa dzi la yɔnae be aʋa dze to.

Tagbo tsidzadza si medidi tso Afadzato gbɔ o la, enye nukpɔkpɔ tɔxe, si amedzrowo zɔa mɔ yina kpɔna.




#Article 11: Siamlɔm (109 words)


Siamlɔm (alo Yuli) enye ɣleti adrelia le ƒea me. Vovototowo le alesi wobuna ƒeawo dome. Ƒe si ŋu míele bubum fifia enye Gregoria ɣletigbalẽ tɔ. Ŋkeke 31 ye le ɣletia me.

Eʋeawo tsɔ ŋkɔ na ɣleti sia be Siamlɔm elabena enye tsidzaɣi eyata wonɔna nuwo wosiam ɖe xexe ga gbugbɔwo nɔ lɔlɔm enu enu ne tsi ga dze dzadzam ko. Le blema ŋɔli la, Romatɔwo wotsɔ ŋkɔ na ɣleti sia be Yuli elabena eya me wodzi Yulio Kaisaro le. Ŋkɔ xoxo si Romatɔwo yɔna na ɣleti sia enye Quintilis, elabena eyae enye ɣleti atɔ̃lia le Romatɔwo woƒe ƒe me hafi wotrɔe eye Dzove (alo Yanuar) va zu ɣleti gbãtɔ.




#Article 12: John Kufuor (113 words)


John Agyekum Kufuor (si wodzi Dzome 18, 1938) enye Ghana dukplɔla si le zia dzi tso Dzove 7, 2001 vaseɖe Dzove 7, 2009. Kufuor ga nye zimenɔla na African Union, si nye Afrika dukɔwo ƒe habɔbɔ.

Kufuor enye Asanteawo. Wodzii le Kumasi. Srɔ̃a ŋkɔ enye Theresa Kufuor (tɔgbuiyɔŋkɔ Mensah), eye vi atɔ̃ le wosi. Kufuor de Osei Tutu Boarding School (1951-53), Prempeh College (1954-58), Lincoln's Inn, London (1959-1961) kple Exeter College le University of Oxford (1961-1964).

Kufuor dze dɔ gɔme le Kumasi abe Town Clerk ene. Wotia Kufuor abe MP le 1969 do ɖe Parliament. Le ƒe 1969 me la, wotiae be woa nye Member of Parliament. Le ɣemaɣi la, enɔ gɔvment me.




#Article 13: Jerry Rawlings (686 words)


Jerry John Rawlings si wodzi Masa 22, 1947 me, enye Ghana dukplɔla zi eve sɔŋ. Etrɔ megbe le Adeɛmekpɔxe 12, 2020 me. Woyɔe be Jeremiah Rawlings John le eƒe ɖevi me.  Eƒe dziɖuƔi gbãtɔ nɔ ƒe 1979 me eye evelia dze egɔme tso Dzome 31, 1981 vaseɖe Dzove 7, 2001.

Rawlings tɔ ŋkɔ enye James Ramsay John, amesi tso Scotland le United Kingdom. Eya kple srɔ̃a Maria tso Scotland va wɔ dɔ le United Africa Company (UAC) le Gɛ̃. Nɔa enye Aƒenɔ Victoria Agbotui tso Dzelukoƒe, si te ɖe Keta ŋuti le Vɔlta nutome. Rawlings ɖe Nana Konadu Agyeman si nye Asanteawo. Wodzi vi ene, nyɔnuvi etɔ̃ kple ŋutsuvi ɖeka.

Rawlings tɔ mekpɔ edzi le eƒe ɖevi me o eyata ezu nɔa ƒe agbe to eƒe suku dede katã me. Ede Achimota School, si nye Ghana ƒe suku deŋgɔwo dometɔ ɖeka. Esi wodo le Achimota School la, eyi dɔsrɔ̃ƒe le Ghana yamesrafowo gbɔ. Wofiae yameʋukuku. Rawlings va nya yameʋuawo kuku alegbegbe be wonae Speed Bird dzesigbalẽ le nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu.

Le Tedoxe 1968 me la, wo ɖo Rawlings ɖe Takoraɖi le Ɣetoɖoƒe nutome. Ewu eƒe nusɔsrɔ̃ nu le Dzove 1969 me. Wo de bubu eŋu kpakple dzesi si woyɔna be Speed Bird Trophy le alesi wò bi ɖe ayameʋu kuku me ta. Edze dɔ gɔme abe Pilot Officer ene. Le Afɔfiɛ 1978 me la, woɖoe Flight Lieutenant le ayamesrafowo me. Le Damɛ 1979 me la, Rawlings kple xɔ̃a asrafoaɖewo dze aglã ɖe dukɔkplɔlawo ŋuti. Woƒe nya enye be yewo ƒe asrafomegãwo va le gaɖum akpa. Wolé wo katã eye wodze ʋɔnudɔdrɔ̃ gɔme le Gɛ̃ le Damɛ 28, 1979. Esi ʋɔnudɔdrɔ̃a nɔ edzi yim la, asrafowo kple ame bubuwo va dze lɔ̃lɔ̃m na Rawlings.

Le Masa 4, 1979 fɔŋli me la, asrafoaɖewo vayi ɖe Rawlings kple xɔ̃awo tso game. Hoʋiʋli do le Gɛ̃ gbɔme ŋkekea katã gake le ɣetrɔ me la, Kodzo Boakye-Gyan ɖe gbeƒã le nuƒomɔawo dzi le dukɔame godo bena Supreme Military Council dziɖuɖua ge. Asrafoawo ɖo Rawlings woƒe zimenɔla, eye wotsɔ ŋkɔ na dziɖuɖua be Armed Forces Revolutionary Council (AFRC).

Le Masa 16, 1979 dzi la, wowu Ignatius Kutu Acheampong si nye Ghana dukplɔla tso 1972 va ɖo 1978, kple E. K. Utuka si nye Ghana liƒoŋudzɔsrafowo ƒe amegã. Wotso afia nawo be woɖu dukɔa ƒe ga zã eye womenye nuteƒewɔlawo o. Le Masa 26, 1979 dzi la, woga wu asrafomegãwo woame ade kpe ɖe eve siawo ŋu. Eva dze le National Reconciliation Commission ƒe nyawometoto me be ʋɔnudɔdrɔ siawo me de tutuwo eye wome drɔ ʋɔnu na wodometɔ aɖewo kroa o.

Wole asrafomegãwo geɖe kpe ɖe enyi siawo ŋu eye wode wodemtɔ geɖe ga me. Rawlings kple eƒe amewo tso ɖe asitsalawo hã ŋu.

Hafi Rawlings ava zia dzi la, woɖo be woawɔ akametatia na dziɖuɖu yeye si me asrafowo ma nɔ o. Esia yi dzi abe alesi woɖo ene eye Ghana dukɔa tia Hilla Limann be wòa nye dukplɔla yeyea. Rawlings ɖe asi le dziɖuɖua ŋu na Limann le Anyɔnyɔ 24, 1979 me.

Le Dzome 31, 1981 dzi la, Rawlings tso ɖe Limann ƒe dziɖuɖua ŋu. Hoʋiʋli ga nɔ anyi gake enu me sẽ abe 1979 tɔ o. Ghana ƒe kplɔla tatiawo katã ge eye woɖo Provisional National Defence Council (PNDC) abe dziɖuɖu yeyea. Rawlings ga nye zimenɔla na PNDC hã.

Esime Rawlings ƒe dziɖuɖu nɔ dididi la, amewo dze babia be ehiã be Ghana aga ɖo dziɖuɖu tatia alebe dua kɔkpɔkplɔ na nɔ ɖoɖo kple sewo si dukɔa katã aɖo nu. Le ƒea ɖewo megbe la, Rawlings va lɔ̃ be dziɖuɖua natrɔ. Eɖe asi le asrafo dɔ ŋu eye wo ɖo be yea nɔ akametatiaa me. Woɖo National Democratic Congress (NDC), eye Rawlings nye woƒe ŋgɔnɔla. Ghanatɔwo tia Rawlings abe dukplɔla yeyea gake le seawo nu la, elebe woa gbugbɔ dukplɔla atia ƒe ene sia ene megbe. Rawlings ƒe dziɖuɖu dze egɔme le Dzove 7, 1993 dzi eye ewunu Dzove 7, 1997. Wo ga tia Rawlings le Dzome 2000 eyata eyi dzi tso 1997 vaseɖe Dzove 7, 2001. Eseawo me ɖe mɔ be woatia dukplɔla ɖeke wu zi eve o alebe le ƒe enyi megbe la, Rawlings do le zia dzi.




#Article 14: Afɔfiɛ (107 words)


Afɔfiɛ (alo April) enye ɣleti enelia le ƒea me. Ɣleti sia le Gregoria ɣletigbãlea me. Ŋkeke 30 ye le ɣleti sia kpakple etɔ̃ bubuwo me.

Ɣleti sia ƒe ŋkɔ ɖeka tso Aprilis le Latingbe me. Egɔme enye aperire alo ʋuʋum elabena ɣeyiɣi sia me seƒoƒowo tsena le wo de. Helatɔwo hã yɔna ɣeyiɣi sia be ἁνοιξις (ʋuʋum). Esime Romatɔwo tsɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo na ɣletiawo ta la, wobui be woyɔne be Aprilis si tso Helatɔwo ƒe mawuawo ɖeka Afrodite ƒe ŋkɔme.

Anglo-Saxontɔwo tsɔ ŋkɔ na ɣleti sia be Oster-monath alo Eostur-monath si nye woƒe mawu ɖeka Eostre alo Ostara ƒe ŋkɔ. Ŋkɔ sia me Easter tso.




#Article 15: Kwame Nkrumah (267 words)


Kwame Nkrumah (Anyɔnyɔ 21, 1909 - Afɔfiɛ 27, 1972) enye Ghana vidzidzi gbãtɔ si vaye zu Ghana dukplɔla.

Wodzi Nkrumah le Nkroful le Ghana ƒe Ɣetoɖoƒe nutome. Ŋkɔ si wotsɔ ne le eƒe ɖevime enye Francis Nwia Kofi Ngonloma. Ede Achimota School le Gẽ hafi wòyi edzi le Roma Katolik suku me le Axim. Le ƒe 1935 me la, ezɔ mɔ heyi ɖe United States. Ede Lincoln yunivesiti, afisi woxɔ BA ɖaseɖigbãle le.

Le 1945 me la, Nkrumah gbɔ va Ghana. Le eƒe gbɔgbɔ ko la, woɖoe nuŋlɔ̃la na United Gold Coast Convention (UGCC). Woƒe nunɔla ɣemaɣi enye J. B. Danquah. Le ƒe ʋea ɖewo megbe la, vovototo va ge ɖe wome eye Nkrumah do le UGCC la me eye wò va ɖo eya ŋutɔ ƒe dunyaheha si nye Convention People's Party (CPP). Wo nɔ United Kingdom dukɔa biam na Ghana ƒe ɖokuisinɔnɔ.

Le Tedoxe 6, 1957 me la, Ghana dukɔa xɔ ɖokuisinɔnɔ eye Nkrumah zu dukɔa kplɔla. Fianyɔnu Elizabet II ganɔ zia dzi na Ghana ƒe etɔ̃ sɔ̃ŋ hafi eya hã trɔ tso Siamlɔm 1, 1960 dzi.

Nkrumah tu nuwo geɖe abe tɔdziʋudzeƒe gãaɖe, ayameʋudzeƒe yeye kple Akosombo Dam.
Nkrumah nye Ghana dukplɔla ƒe 9 sɔŋ hafi wo ge le zia dzi. Ghana asrafowo tso ɖe eŋu le esime Ghana nɔ sesem.

Nkrumah nɔ ŋkɔ enye Aƒenɔ Nyaniba. Vi ene ye nɔ Nkrumah si. Via tsitsitɔ enye Francis, si nye dɔyɔla kple amatsiwɔla de ŋgɔ le Ghana. Emegbe la, Nkrumah ɖe Fathia Rezhik, si tso Egyipté. Wodzi vi etɔ̃. Gbãtɔ enye ŋutsu, Gamel, evelia enye Samia, si nye nyɔnu eye mamlea enye Sekou si nye ŋutsu.




#Article 16: Xɔsemeʋuʋu (119 words)


Xɔsemeʋuʋu (Latingbe: Symbolum Apostolorum), enye nyawo si ɖe xɔse siwo nɔ Kristotɔwo si le blema ŋɔ̃li la fia. Kritso hame geɖe le xexeame egbe zãa xɔsemeʋuʋua abe nufafia na tsitadede kple subɔsubɔa ŋutɔ ƒe akpa vevie dometɔawo ɖeka. Hameawo aɖewo wonye Roma Katolico hame, Anglikan alo Eŋlisi hame, Presbyteria hame kple Metoɖist hame nyuiewo.

Woxɔese be woŋlɔ xɔsemeʋuʋua elabena ameaɖewo nɔ fafiam bena ɖe ko wodze abe Yesu nye amegbetɔ gake menye amegbetɔ wònye hafi o eye ahatso wò nye be wo hee ɖe ati ŋu eye wò ku. Xɔsemeʋuʋua ƒe nyawo fia nusiwo dzi Kristotɔwo xɔse fitaa na nusrɔ̃lawo kple amewo katã.

Nuŋɔŋlɔwo le afia le blema Helagbe me, eye wome ŋlɔe ɖe egbeviwo ƒe gbegbɔgblɔ nu o.




#Article 17: Gali (259 words)


Gali enye nuɖuɖu si bɔ le Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Wotɔna gali tso agbeli me. 

Hafi woa tɔ gali la, wohona agbeli tso agble me. Wokpana  agbelia eye le eyome la, woklɔnae kple tsi bena ɖia katã na kɔ le eŋuti. Le esia megbe la, wolina agbelia vaseɖe esime wòa me. Le elili megbe la, wozia agbelia le kotokuwo me eye wodana kpewo ɖe kotokuawo dzi hena tsia fafia tso eme. Esia yina edzi abe ŋkeke eve lɔƒo eye le nuwuwua la, agbelia hã tsi.

Ne tsia vɔ le eme la, wo srana agbelia alebe wonɔna wuliwuli. Ne wowɔ esia vɔ la, wotɔna galia le gaze gã wo me le dzo dzi. Wometsɔna ami tɔnae o. Ne wòƒu nyuie la, ekema étɔ vɔ eye woateŋu adze ezãzã gɔme.

Nuɖuɖu siwo tso gali me sɔgbɔ. Wodena gali tsi me kple sukli kple notsi. Esia wɔwɔ mesẽ kroa o eye tsidede gali bɔ le sukuwo me ŋutɔ le Ghana kple Nigeria. Bubu enye gali bublu kple atadi alo dzetsi eye woateŋu aɖui enumake. Wotɔna gali hã le ami me tsɔ wɔna nuɖuɖu vovovowoe abe agbeli kaklo. Wodena tsi dzodzoe gali hã eye woblunae le dzodzi abe akple ene. Nigeriatɔwo yɔnae be eba. Woɖuna esia kple dzetsi alo tsiƒoƒo.

Aɖi si Eŋlisiawo yɔna be cyanide le agbeli me. Dɔlele si woyɔna be tropical ataxic neuropathy bɔ le afisiwo agbeliɖuɖu bɔ le. Dɔlele sia naa amewo ƒe lãme gbana eye zɔzɔ kple tsitretsitsi sena ŋutɔ. Wokpɔ be ne wowɔ galia ŋudɔ nyuie la, aɖia geɖe doa tso eme eye mega nana dɔlele o.




#Article 18: Presbyteria Nyanyui Hame le Ghana (295 words)


Presbyteria Nyanyui Hame le Ghana enye Kristo subɔsubɔ hame ɖeka le Ghana. Amegeɖe ga yɔnae be E.P. Church elabena eƒe ŋkɔ le Eŋlisigbe me enye Evangelical Presbyterian Church.

Hamea ƒe ɖoɖo dze egɔme kple Germania kristotɔwo si woyɔna be Norddeutsche Mission tso Bremen le Germany kple Basel Mission dɔwɔlawo. Ha eve siawo tso wode va Afrika va nɔ Mawunya dɔ wɔm le Eʋeawo dome tso ƒe 1847 me. 
Le Xexemeʋa gbãtɔ ŋɔli la, hame eve nɔ Eŋlisiawo te le Gold Coast eye hame adre nɔ Franseawo ƒe akpadzi le Togoland. Ha gbãtɔ woɖo nɔ Mission Tɔve. Le aʋa sia ƒe nuwuwu la, woma dukɔ evee. Ɣetoɖloƒe nɔ Eŋlisiawo te eye ɣedzeƒe lɔƒo nɔ Franseawo te. Wowɔ hameawo ƒe sinɔɖ gbãtɔ le Damɛ 1922 me. Togbɔ be woma Togo nyigba le ɣemaɣi gɔ̃ɔ̃ɔ hã la, wowɔ sinɔɖ la le Eʋe hamea katã nu.

Le ƒe 1923 me la, mawudɔwɔlawo tso Skotland va nɔ dɔwɔm le Eŋlisi Togo kpa dzi. Afisia ye zu Vɔlta nutome le Ghana fifia. Fransedodo hame nɔ Paris hamea te. Mama sia va li ke, eye hameawo va zu hame eve blibowo. Hame eveawo ga wɔna sewo ɖeka ŋudɔ. Wo ame eveawo kpea ƒe ene sia ene le sinɔɖ ɖeka ko vaseɖe fifia.

Hamea ƒe dɔwɔƒe gãtɔ le Ho, si nye Vɔlta nutome dugã la. Ame abe 600,000 ye le hamea me fifia eye ha 750 lɔƒo woɖo vadeɖe fifia. Nunɔla tsitsitɔ enye mɔɖeretɔ.

Hamea ɖo sukuwo le Vɔlta nutoame zã. Suku ɖeka si xɔ ŋkɔ ntɔ enye Mawuli Secondary suku le Ho. Amesiwo ɖo suku sia enye Aƒetɔ kple Aƒenɔ Trost, amesiwo nye mawudɔwɔlawo tso United Church of Christ.

Dɔyɔƒewo hã le hamea si. Ɖeka enye Adidome Hospital.

E. P. Hamea de ha kple Kristo habɔbɔwo le xexeame godoo. Wodemtɔao ɖewo wonye:




#Article 19: Amegbetɔ ƒe Ablɔɖevinyenye ŋu Kpeɖoɖodzinya (205 words)


Amegbetɔ ƒe Ablɔɖevinyenye ŋu Kpeɖoɖodzinya enye kpeɖoɖodzinyawo si Xexeme Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpekpegã la ŋlɔ daɖi le 10 Dzome 1948 le Palais de Chaillot, Paris. Ɖoɖo 30 le eme si dzi Xexeme Dukɔ Ƒoƒuawo da asi ɖo na amegbetɔwo katã le xexeame godoo.

Le nuvɔ̃ɖi siwo Adolf Hitler kple eƒe asrafowo wɔ le Xexemeʋa evelia me ta la, amewo geɖe va bui be ehiã be woaŋlɔ sewo le amegbetɔwo ƒe ablɔɖevinyenye ŋuti. Esia na be Xexeme Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nuŋlɔlagã tia John Peters Humphrey si tso Canada be wòakpɔ eŋɔŋlɔ dzi. Amesiwo kpe ɖe eŋu wodome tɔa ɖewo enye Eleanor Roosevelt tso United States, Jacques Maritain kple René Cassin tso France, Charles Malik tso Lebanon, kple P. C. Chang tso China. Xexeme Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpekpegã si kpe le 10 Dzome 1948 wɔ akametatia le nya sia ŋuti, eye dukɔ 48 lɔ ɖe dzi, 0 gbe, eye 8 mede dzesia ɖeke o.

Woŋlɔe abe dukɔ me sewo ene eye wodze egɔme kple Kpɔkplɔyiɖeme. Wokplɔ esia ɖo kpli ɖoɖo 30 sɔ̃.

Woŋlɔ ɖe Guinness Book of Records la me be nyasiawo nye agbalẽ si gɔme woɖe ɖe gbe bubuwo me wòsɔgbɔ wu le xexeame. Xexeme Dukɔ Ƒoƒuawo ŋutɔ ɖe nya siawo gɔme ɖe gbe 366 me.




#Article 20: Dzigbe ŋkɔ (109 words)


Dzigbe ŋkɔ enye ŋkɔ si wotsɔna na amewo si fiaa ŋkeke si dzi woƒe dzigbe dze. Ŋkɔ siawo tsɔtsɔ bɔ ɖe Bluɔwo kple Eʋeawo dome le Ghana. Ekaka yi Jamaica hãa le Amerika nutowome. Ŋkɔawo to vovo na ŋutsuwo kple nyɔnuwo.

Robert Sutherland Rattray (Captain R.S.Rattray) srɔ̃nu geɖe le Asanteawo ŋu vayi eye wògblɔ be Dzigbe ŋkɔ le Asante vidzidzi ɖesiaɖe si. Wofia ŋkɔ siawo le Eʋegbe kple Blugbe me le afii.

Eʋeawo tsɔ na vi alo ga kpe na ɖe dzigbe ŋkɔ siawo nu he tsɔ na doa dzesi amea ƒe nɔnɔme. Le kpɔɖeŋu me, Kɔku kple vi zu na Kɔkuvi eye Yao kple ga zu na Yaoga




#Article 21: Emmanuel Kotoka (457 words)


Emmanuel Kɔsi Kotoka (Kele 26 1926 - Afɔfiɛ 17 1967) nye asrafo si nɔ National Liberation Council dziɖuɖu si nɔ zia dzi tso Dzodze 24 1966. Dziɖuɖu siae ɖe dukplɔla Kwame Nkrumah le Ghana dukɔ zia dzi.

Wodzi Kotoka le Alakple si nye Keta dukɔ ɖeka le Vɔlta nutome le Ghana. Ede suku le Alakple Roman Catholic  Suku. Emegbe la, eyi eƒe suku dede dzi le Anloga Senior School tso ƒe 1941 me. Esi wòde suku vɔ la, eɖo be yea srɔ̃ dɔ gake emegbe la, evaye ŋlɔ ŋkɔ kple asrafowo.

Le Siamlɔm 1947 me la, Kotoka dze asrafodɔ sɔsrɔ̃ gɔme le Gold Coast Regiment ƒe asrafo suku le Teshie le Gẽ. Dɔa sɔsrɔ̃ tsɔ afɔ ne. Le ƒe 1952 me la, enɔ Afrika asrafow dɔmetɔwo siwo woɖo ɖe Eaton Hall, si nye asrafo suku de ŋgɔ ɖeka le United Kingdom (Britannia) dukɔa me. Le ƒe 1954 me la, woɖoe leftenant le Ghana asrafowo me, eye wòdze dɔwɔwɔ gɔme kple Britannia asrafowo le Rhine si le Dzama dukɔa me.

Esi wògbɔ va Gold Coast la, woɖoe Platoon Commander le Second Gold Coast Regiment of Infantry la me. Le ƒe 1959 me la, ezu asrafo mega si woyɔna be Captain. Le ƒe ma me ke la, woɖoe Major. Le ƒe 1960 me la, evaye de Asrafo megawo suku de ŋgɔ ɖeka le Westminster le Inglis nyigbaa dzi. 

Le ƒe 1960 me la, Kotoka nye asrafo mega wodometɔ ɖeka le Ghana asrafowo si woɖo ɖe Congo. Woyi vaye le vu le Leopoldville (si nye Kinshasa egbe la) kple Xexeme Dukɔ Ƒoƒuawo asrafowo le afima. Kotoka do kalẽ ŋutɔ le dɔ sia gbe eye Ghana dukɔa na dzesi tɔxee si nye Ghana Service Order for Exceptional Bravery for Distinguished Service in the Congo le ƒe 1963 me.

Emegbe la, Kotoka va zu kplɔla na Ghana asrafowo katã le Ghana ƒe dzigbe kpa dzi si nye Second Infantry Brigade (si woyɔna be Northern Command egbe) le Kumasi.

Kotoka nɔ ŋgɔ na asrafowo si ɣlẽ Ghana dziɖuɖua tso Nkrumah ƒe Convention People's Party dziɖuɖua dzi.

Le Afɔfiɛ 17 dzi le ƒe 1967 me la, asrafo aɖewo tso ɖe NLC dziɖuɖua ŋu. Woɖo be yewoa xɔ dziɖuɖua kple sesɛ̃. Wonɔ dɔwɔm kple Ghana asrafowo si nɔ Mortar Regiment le Ho, si nye Vɔlta nutome dugã. Le hoʋiʋli si dzɔ me la, asrafoawo wodometɔ ɖeka, si nye Moses Yeboah la, wu Kotoka. Kotoka ƒe asrafowo ƒe alɔ fɔ dzi le hoʋiʋlia ƒe nuwuwu, eye wo drɔ ʋɔnu na Yeboah kple eƒe ahatiwo. Wobu fɔ Yeboah kple xɔ̃awɔ̃o eye wo wu wo.

Wome Kotoka ƒe tata heda ɖe afisi wofɔ Kotoka ƒe kukua le. Ghana dukɔa ƒe ayameʋu dzeƒe gã tɔwu le afisia, eye wotrɔ ŋkɔaɔ zu Kotoka International Airport hetsɔ ɖo ŋku Kotoka dzi.




#Article 22: Yehowa Ðasefowo (932 words)


Enye Yehowa Ðasefowo ƒe didi be nàdze si yewo nyuie wu. Ðewohĩ wonye wò aƒelikawo kple dɔwɔhatiwo alo èdoa go wo le gbesiagbedɔwɔna bubuwo me. Ðewohĩ èkpɔa wo le ablɔwo dzi wonɔa woƒe magazinewo nam amesiwo va yina. Alo ɖewohĩ èƒo nu kpli wo kpuie le wò ʋɔtru nu kpɔ.

Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowo tsɔ ɖe le wò kple wò nyonyo me. Wodi be yewoadze xɔ̃ wò ahagblɔ nya geɖe na wò tso wo ɖokui, woƒe dzixɔsewo, woƒe habɔbɔa, kple nusi nye woƒe susu le amewo kple xexe si me mí katã míele ŋu. Esia tae wota agbalẽ gbadza sia na wò ɖo.

Yehowa Ðasefowo le abe ame bubu ɖesiaɖe ene le go geɖe me. Kuxiwo nɔa woawo hã ŋu—le ganya, ŋutilã me, kple seselelãme gome. Wowɔa vodada ɣeaɖewoɣi, elabena womede blibo o, wometso gbɔgbɔ me, alo nye vovodadamanɔŋutɔwo o. Gake wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ nu tso yewoƒe nuteƒekpɔkpɔwo me eye wosrɔ̃a Biblia vevie tsɔ wɔa ɖɔɖɔɖo siwo hiã. Woɖe adzɔgbe na Mawu be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye wotsɔa wo ɖokui nana be yewoawɔ adzɔgbeɖeɖe sia dzi. Wodia Mawu ƒe Nya kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe mɔfiafia le woƒe dɔwɔnawo katã me.

Wobunɛ nu vevii be yewoatu yewoƒe dzixɔsewo ɖe Biblia dzi ke menye ɖe amegbetɔ ƒe nukpɔsusu alo hakplɔɖoɖo dzrowo ko dzi o. Wosena le wo ɖokui me abe apostolo Paulo ene esime gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ be: “Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae.” (Romatɔwo 3:4, Eʋegbe Biblia*) Le nufiafia siwo wogblɔ be enye Biblia me nyateƒe gome la, Ðasefowo léa nusi Beroiatɔwo wɔ esime apostolo Paulo ɖe gbeƒã na wo la me ɖe asi sesĩe: “Woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.” (Dɔwɔwɔwo 17:11) Yehowa Ðasefowo xɔe se be ele be woatsɔ Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la ado mawusubɔsubɔ me nufiafiawo katã kpɔ alea, eɖanye woa ŋutɔwo ƒe nufiafia loo alo ame bubu tɔ o. Wokpe wò—wole dzi dem ƒo na wò—be nàwɔ esia le dzeɖoɖo kpli wo me.

Míate ŋu akpɔe le esia me be Yehowa Ðasefowo xɔ Biblia dzi se be enye Mawu ƒe Nya. Wobua eƒe agbalẽ 66-awo be wotso gbɔgbɔ me eye wo me nudzɔdzɔwo nye blemaŋutinya ŋutɔŋutɔwo. Woyɔa Nubabla Yeye si ame geɖe nya la be Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, eye woyɔa Nubabla Xoxoa be Hebri Ŋɔŋlɔawo. Wozãa evea, Hela kple Hebri Ŋɔŋlɔawo siaa, eye wobua wo me nyaawo ɖe alesi wogblɔ woe nu pɛpɛpɛ negbe teƒe siwo nyagbɔgblɔa alo nɔnɔme si me wogblɔe le na wòdze ƒã be wonye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ alo tsi tre ɖi na nu bubu aɖe ko. Wose egɔme be Biblia me nyagblɔɖi geɖe va eme, bubuwo le eme vam, eye bubuwo agava eme le etsɔme.

Yehowa Ðasefowoa? Ẽ, nenemae woyɔa wo ɖokuii. Enye nɔnɔmefiaŋkɔ si fia be woɖia ɖase le Yehowa, eƒe Mawunyenye, kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. “Mawu,” “Aƒetɔ,” kple “Wɔla”—siwo le abe “Dukplɔla,” “Fia,” kple “Aʋafia” ene—nye dzesideŋkɔwo eye woate ŋu azã wo na ame vovovo geɖe. Gake “Yehowa” ya nye ŋkɔ tɔxɛ eye Mawu ŋusẽkatãtɔ kple xexeme Wɔla lae wozãnɛ na. Woɖe esia fia le Psalmo 83:19 be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye YEHOWA, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”

Ŋkɔ Yehowa (alo Yahweh, abe alesi Roma Katoliko ƒe Jerusalem Bible kple agbalẽnyala aɖewo yɔnɛ ene la) dze zi gbɔ zi 7,000 le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Womedee Biblia akpa gãtɔ me alea o, ke boŋ wotsɔ “Mawu” alo “Aƒetɔ” ɖo eteƒe. Gake le Biblia siawo me gɔ̃ hã la, woate ŋu akpɔ afisi wozã Yehowa le le Hebrigbe me kpukpuiawo me elabena ŋɔŋlɔdzesigãwo ƒe lolotɔwo kple suetɔwoe wotsɔ ŋlɔa nya siwo wotsɔ ɖo ŋkɔa teƒee, si nye: MAWU kple AƑETƆ. Egbegbe gɔmeɖeɖe geɖe zã ŋkɔ Yehowa alo Yahweh. Eyata Yesaya 42:8 xlẽ le Eʋegbe Biblia me be, “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee.”

Ŋɔŋlɔawo me nya si me Yehowa Ðasefowo ɖe woƒe ŋkɔ tsoe la le Yesaya ta 43 lia. Le afima la, woɖɔ xexeame ƒe nɔnɔme abe nusi le edzi yim le ʋɔnudrɔ̃ƒe ene: Wogblɔ na dukɔwo ƒe mawuwo be woakplɔ woƒe ɖasefowo vɛ ne woava ɖo kpe edzi ne woƒe nya dzɔ alo be woase ɖasefo siwo le Yehowa ƒe akpa dzi ƒe nya ale be woalɔ̃ ɖe nyateƒea dzi. Afimae Yehowa gblɔ na eƒe amewo le be: “Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawu aɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o. Nyee nye Yehowa, eye xɔnametɔ aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.”—Yesaya 43:10, 11.

Ðasefowo nɔ Yehowa Mawu si le anyigba dzi ƒe akpe geɖe hafi wova dzi Yesu. Esi Hebritɔwo ta 11 yɔ xɔsetɔ siawo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔ vɔ la, Hebritɔwo 12:1 gblɔ be: “Eyata míawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina míaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mí la ɖa, eye mina míatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi.” Yesu gblɔ le Pontio Pilato ŋkume be: “Esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” Woyɔe be “ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ.” (Yohanes 18:37; Nyaɖeɖefia 3:14) Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miaxɔ [gbɔgbɔ] kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔwɔwɔwo 1:8.

Eyata amesiwo ade 8,683,117 siwo le Yehowa ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo Yesu si me ŋuti nyanyuia gblɔm le dukɔ siwo ade 240 me la kpɔe be esɔ be yewoayɔ yewo ɖokui be Yehowa Ðasefowo (2019).




#Article 23: Senegal (105 words)


Senegal nye Afrika dukɔwo dometɔ ɖeka. Ele Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Senegal do liƒo kple Mauritania le eƒe dzigbe kpa dzi, Mali le eƒe ɣedzeƒe kpa dzi, eye Guinea kple Guinea-Bissau le eƒe anyigbe lɔƒo. Aƒu si woyɔna be  la le eƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Senegal ƒoxlã Gambia dukɔa le eƒe axa etɔ̃ dzi. Eƒe dukɔmenɔlawo ƒe xexlẽme ɖo 11,658,000 lɔƒo.

Senegal dukɔa xɔ ɖokuisinɔnɔ tso France dukɔ ƒe dziɖuɖu la te le Dasiamime ƒe ŋkeke 20 lia dzi le ƒe 1960 me. Senega ƒe dugã enye Dakar. Senegal ƒe dukplɔla enye Macky Sall. Ele dziɖum tso Afɔfiɛ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, le ƒe 2012 me.




#Article 24: Abraham (178 words)


Abraham nye amesi ŋu woŋlɔ nu le le Mose ƒe agbalẽ gbãtɔ me le Bibliaa me. Wo ga ŋlɔ nu le eya ke ŋuti le Koran la hã me. Kristotɔwo kple Mɔslemtɔwo katã bu nae abe Israel viwo, Ishamel viwo kple Edom viwo katã wo fofo. Eya dzi Yuda subɔsubɔ kple Kristo subɔsubɔ to. 

Abraham nye Tarax vi, eye wònye Naxor ƒe tɔgbeyɔvi. Abraham nɔviwo wonye Naxor kple Haran. Bibla gblɔ bena Mawu kplɔ Abraham tso Mesopotamia vayi Kanaan nyigba dzi. Afima Mawu bla nu kple Abraham le. Tso ema dzi la, Abraham subɔ Mawu (YHWH) dzaa ko abe Mawu ene. Mawu ga do ŋugbe na Abraham hã bena eƒe dzidzimeviwo woadzi xexlẽmanɔmee. Abraham nɔ agbe tso AM 1948–2123 (1812 DMȠ vaseɖe 1637 DMȠ).

Yudatɔwo yɔna Abraham be Avraham, Avinu, alo Abraham, mía Fofo. Mawu do ŋugbe na Abraham bena woayra amegbetɔwo katã to eƒe dzidziemviwo dzi. (Mose I 12:3). Kristotɔwo kpɔ Yesu Kristo abe ŋugbe si Mawu na Abraham. Mɔslemtɔwo  xɔ edzi se bena Mohammed nye Ismael, ŋutsuvi si Hagar dzi na Abraham ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka.




#Article 25: Silesiagbe (138 words)


Silesiagbe  enye gbe si wogblɔna le Silesia nutome le Poland dukɔa me. Wogblɔna Silesiagbe le Czech dukɔ kple Dzama dukɔwo me. Le ƒe 2011 me la, ame 509 000 ɖe fia be Silesiagbe nye yewoƒe degbe gake ameaɖewo xɔe se bena Silesiagbe dolawo de 1,250,000.

Silesiagbe te ɖe Polandgbe ŋu eyata amesiwo srɔ̃na nu le gbewo ŋu buna bena Silesiagbe enye Polandgbe fafia wodometɔwo ɖeka.

Silesia ŋɔŋlɔdzesi aɖeke meli o. Woŋlɔnae kple Polandgbe ŋɔŋlɔdzesiwo. Le ƒe 2006 me la, wo ŋlɔ Silesia ŋɔŋlɔdzesi yeye. Wotsɔe tso Silesiagbe ŋɔŋlɔdzesi me. Wozana ŋɔŋlɔdzesi yeyeawo le 'Internet' dzi kpakple Silesia Wikipedia la dzi.

Aa Bb Cc Ćć Čč Dd Ee Ff Gg Hh Ii Jj Kk Ll Mm Nn Ńń Oo Pp Rr Řř Ss Śś Šš Tt Uu Ůů Ww Yy Zz Źź Žž

Gbeɖiɖi aɖewo: Ch Dz Dź Dž.




#Article 26: Tarax (187 words)


Tarax, si gɔme enye tsatsala la, enye Abraham fofo le Biblia me. 

Le Mose ƒe agbalẽ gbãtɔ me la, Tarax nye Naxor viŋutsu, eye eya hã nye Serug viŋutsu. Serug fofo nye Regu, si fofo enye Peleg, si fofo nye Eber, si fofo nye Selax, si fofo nye Arpaxsad, si fofo nye Sem, si nye Noa viŋutsu tsitsi tɔ.

Biblia gblɔ be Tarax dzi viŋutsu etɔ̃. Yawo enye Abram, Naxor kple Xaran. Le Mose I ta 20:12 me la, Sara, si nye Abraham srɔ̃ nye nɔvia hã, elabena woameve nye Terax viwo gake wo nɔwo to vovo. Wo de enye Ur le Kaldea nyigba dzi. Tarax vi Xaran tre kuku na tɔa le Ur. Xaran dzi Lot hafi wò ku. Naxor tso aƒe ɖe Xaran, si le Ur mɔ dzi. Tarax ʋu tso Ur kple via Abraham kple eƒe tɔgbeyɔviŋutsu Lot. Woƒe ɖoɖo enye be yewoayi Kanaan gake wodze Xaran eye Terax ku le afima. Le eƒe ku megbe la, Abram kple eƒe ƒometɔwo ʋu tso Xaran.  Biblia gblɔ bena Tarax nye trɔ̃subɔɔla.

Tarax enye teƒe si Israeltɔwo tɔ ɖa le ɣeyiɣi sime wonɔ sisim tso Egyipte.




#Article 27: Nukpui (148 words)


Nukpui alo ( Latin ŋkɔ: Thryonomys swinderianus) enye gbeme lã si bɔ le Afrika. Nukpuiwo lɔ̃na tsi gbɔ nɔnɔ. Wotsana le agblewo me hã. Tsitsiawo ƒe didime gbɔa feet eve dzi le goɖewo me.

Eƒe towo kple ŋɔtiwo le takpo eye eƒe fũwo sẽ. Woƒe megbe fɔwo melolo abe ŋgɔgbe tɔwo o. Nukpuiwo tsana le ha alo ƒome suewo me eye atsu ɖeka nɔa ha ɖesiaɖe nu. Nukpuiwo lɔ̃a zãme nɔnɔ. Ɣeaɖewo ɣii hã, wonɔna tome. Woteŋu nɔa agbe ƒe ene sɔ̃. Ne nu aɖe dovɔ̃vɔ wo la, wosina yea tsi me. Gbe enye woƒe nuɖuɖu gãtɔ gake wo lɔ̃na agble me nukuwo hã ɖuɖu eyata wogblena nukuwo ŋutɔ na agbledelawo.

Le Ghana kple Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo la, woyɔnae be grasscutter. Le Afrika ƒe akpa geɖewo me la, nukpuiwo nye lã si amewo ɖua ŋutɔ. Le esia ta la, wodze nukpuiwo nyim na dzadzra le teƒewo geɖe.




#Article 28: Sylvanus Olympio (110 words)


Sylvanus Epiphanio Olympio (1902 - 1963). enye Togo dukplɔlawo ƒe gbātɔ.

Aƒetɔ Olympio nye Togo ƒe dudɔnunɔla gbātɔ tso ƒe 1958 vaseɖe ƒe 1961 me. Le ɣeyiɣi siawo me la, wo da akɔ̃ nɛ wozu Togo dukplɔla tso ƒe 1961 vaseɖe 1963 me.
Le Olympio ƒe dziɖuɖu ɣeɣiɣi wo me la, Togo dze dumedɔ geɖewo wɔwɔ gɔme.

Le Dzove 13, 1963 ɖzi la, aƒeto Olympio ku le asrafowo ƒe dziɖudua trɔtrɔ me. Eƒe kukua ƒe wɔnawo me me kɔ nyuie o vaseɖe fifia. Le nyagbɔgblɔ͂ aɖewo mè nua, ɣemaɣi asrafo gɔmenɔtɔ Gnassingbé Eyadéma ye nɔ ŋgɔ na tsitretsiɖeŋulawo. Le gbɔgblɔ bubuwo nu, asrafo Emmanuel Bodjole Ye nɔ ngɔ na wo.




#Article 29: Francis Amenu (142 words)


Osɔfo Francis Amenu enye Mɔɖeretɔ na  Presbyteria Nyanyui Hame le Ghana la ƒe General Assembly.

Osɔfo Amenu de Osɔfo suku le  le Legon le Ghana. Emegbe la, evayi de  , si le Indianapolis le  United States.

Le Osɔfo Amenu ƒe ɖoɖo megbe la, ewɔ dɔ le nutome vovovowo. Enye osɔfo na Accra New Town hamea eye enɔ Ho hã. Hamea ɖoe ɖe ablotsi eye wò vayi nɔ London le United Kingdom alo Iŋglisiawo de abe Ghanatɔwo ƒe osɔfo ene. Ewɔ dɔ kple United Reformed Church le afima tso ƒe 1999 me vaseɖe ƒe 2003 me. Egbɔ va Ghana le 2003 me eye wovayi ɖu osɔfo na Madina hamea.
Osɔfo Amenu nɔ nufiam le Trinity Theological Seminary le Legon kpakple EP University yeyea si le Ho.

Woɖo Osɔfo Amenu Mɔɖeretɔ le hamea ƒe synod 67lia le Ho le Dasiamime le ƒe 2008 me.




#Article 30: Huang Xianfan (158 words)


Huang Xianfan (Adeɛmekpɔxe 13, 1899 – Dzove 18, 1982) enye China xoxoawo ta tɔ ɖeka kpakple professor le University. 

Wodzi Huang le Fusui le China le Adeɛmekpɔxe 13 le ƒe 1899 me.Eƒe dzilawo ƒe ŋkɔwo nye Huang Kechang kple Gan Lan. Ede suku le Fusui Suku. Emegbe la, eyi eƒe suku dede dzi le Nanning Normal School tso ƒe 1922 me.Huang de Beijing Normal University(1926-35) kple Tokyo Imperial University le Japan(1935-37).

Egbɔ va China le 1937 me. Tso Yanuar gbatɔ 1937 la, Huang dze dɔ gɔme abe nufiala le Nanning Senior School me. Tso Yanuar gbatɔ 1938 la, Huang nɔ nufiam le Guangxi University le Guilin(1938-41). Tso eƒe 1941 me vaseɖe 1942 me la, Huang nye professor le Sun Yatsen University le Guangdong kpakple tso ƒe 1943 me vaseɖe ƒe 1953 me nɔ professor le Guangxi University yeyea si le Guilin. Tso eƒe 1954 me vaseɖe 1982 me la, Huang nye professor le Guangxi Normal College le Guilin.




#Article 31: Ʋegbe Kpalime (223 words)


Ʋegbe Kpalime enye dukɔ aɖe si le Ghana ƒe Vɔlta nutome.

Ʋegbe dukɔa teɖe Bame ŋu. Ele Ʋegbe ƒe dzigbe lɔƒo. Akrɔfu kple Aveŋui le eƒe anyigbe lɔƒo. Ho, si nye Vɔlta nutome dugã did tso egbɔ abe kilometre 15 ene.

Wo xɔese bena Kpaliawo ʋu va afisi wole fifia tso Ŋɔtsie le afisi Togo dukɔa le fifia. Wonɔ sisim na Tɔgbe Agɔkɔli, amesi nye Fiaga le Ŋɔtsie. Wo ma ɖe akpa eve me. Akpa ɖeka zɔ yi anyigbe lɔƒɔ. Akpa evelia, sinye Ʋegbeawo, Kpevetɔwo kpakple Kleƒetɔwo vayi dze Vɔlta nutoame le afisi wo le fifia.

Kpaliawo dzɔ tso Eʋeawo me eye Ʋegbe Kpalime enye Kpaleawo ƒe dukɔ ɖeka. Wodo ƒome kpakple Kpali du susueawo. Woaow enye Kpale, Todome, Tsatee, Hiama, Kaira, Toh kple Duga. Kpalime Duga enye woƒe du gã tɔ.

Ʋegbe dukɔa ƒe azã vevietɔ enye Kpalikpakpaza siwo ɖuna ƒesiaa ƒe le ƒea ƒe nuwuwu lɔƒo. Woɖu azã sia zi gbãtɔ le 1997 me. Wotsɔna azã sia tsana Kpali dukɔawo dzi, eyata Kpali dukɔawo katã ɖunae le du ɖeka me.

Ʋegbe dukɔa ƒe dziɖula enye woƒe Fiaga. Amesi eny Fiaga fifia enye Aƒetɔ Silas Wiah. Eƒe kpukpo ŋukɔ enye Tɔgbe Wiah Kwasi II. Woɖoe Fiaga le Masa 2010 me. Ʋegbe Kpalime le South Dayi Distrikt me si ƒe dugã enye Kpeve. Ghana dukɔa ƒe zimenɔla na distrikt la enye Kafui Bekui.




#Article 32: Dzata (118 words)


Dzata nyé gbemelã sesẽtɔwo dometɔ ɖeka. Enye lã ɖuʋulɛ̃ . Tso keke gbaɖegbe ke la, woda ŋkɔ ɖe edzi be enye lãwo ƒe fia. Ŋkɔ sia dzee vavã elabena enye lã dziŋɔ wɔdã aɖe si ɖu gbemelãwo katã kloe dzi.

Dzata ɖi dadi le go geɖe me. Enye lã triakɔ̃ aɖe si afɔ kako ene li na. Afɔdidɛ atɔ̃ siwo nu fe ɖaɖɛwo le la le eƒe afɔawo nu. Eƒe fuwo biã eye asike legbee aɖe si ŋu fu kpoyoo aɖe le la li nɛ. Eƒe ta lolo ŋku eve siwo kpɔkpɔ doa vɔvɔ̃ na ame la le ta ŋu nɛ. Dzatatsu to fu ɖe kɔ me fũ. Woyɔa fu sia be kɔdza. Dzatanɔ ya metoa kɔdza o.




#Article 33: Wickiana (131 words)


Wickiana nye nyadzɔdzɔwo ƒe ƒuƒoƒo kuɖe nusiwo le dzɔdzɔm fifia si sɔ kple nusiwo dzɔ le senturi wuiade lia me siwo nɔ amaŋgba deka dzi kple agbale gawo, mɔme nutatawo, azi nu ŋɔŋlɔwo kple nutatawo. Fifiame gbale drodo nuwo nye nu vevitɔwo kuɖe nane siwo wɔ la nu, si wo yɔ le Switzerland be Reformation. Johann Jakob Wick (1522-1588), si megbe wotsɔna nusiawo ƒe ƒuƒoƒo, nye Mawununɔla le Predigerkirche eye wonɔ kadodome kple Zürich dɔyɔƒe tso 1552 eye woga nye Archdeacon evelia le eyiyi ma me, kpe ɖe nunɔle Grossmünster le Zürich tso 1557. E ƒoƒu eye woɖo nyadzɔdzɔ gbale siawo ɖe nɔnɔme nyuitɔ me le ƒe 1559 kple 1588 dome, etsɔ nububuwo ha de wo nɔƒewo le ƒe 1505 lɔƒo vaseɖe 1559 le ye ƒe nuƒoƒuawo me.

Tso Eŋlisi Wikipeɖia




#Article 34: Ebola dɔlele (177 words)


Ebola dɔlele nye dɔlele vɔɖi aɖe si le na amegbetɔ kple laãwo sia. Dɔlele sia le na ame to ebola dɔlekui me. Dzesiwo dze na egɔme le ŋkeke evelia se ɖe kɔsiɖa etɔlia me, ne nye be dɔlekui sia le wo. Dzesi aɖewoe nye feva, veto me ƒe ƒɔƒlɔ, lameka vea me kple taduame. Nuɖeɖe, asraɖɔ kple aƒɔdzi dede trololo kplɔ na esia wo ɖo. Kpeɖe esia wo ŋue nye ame ƒe ayikuwo kple dzitodzito ƒe dɔwɔna didina. Le gaƒoƒo sia me la ʋu ateŋu adze dza le ame ƒe lame alo ŋuti.

Wo ate ŋu axɔ dɔlele sia to ame ŋutsi kakã alo ŋutsi tsi tso lãa si dɔlelea le. Wo mekpɔ ŋlɔ naneke kuɖee dɔlele sia ƒe kaka to yaa me o. Wo xɔese be agutɔ siwo ɖuna atikutsetse tsɔ na eye mana dɔlele sia ƒe dɔlekui gake me le na woŋutɔ o. Ne nye be amegbetɔ aɖe le dɔ si la, ateŋu ale ame bubuwo hã. Ŋutsu siwo yɔ dɔ sia na la, ateŋu amae na amebubuwo to gbɔdɔdɔ me abe dziŋu eve ene.




#Article 35: Hepatitis A (399 words)


Hepatitis A (si woyɔna tsa be infectious hepatitis) nye dɔlekui si nu se na akla tsona hepatitis A virus gbɔ (HAV). Dɔa lele geɖe mefia dzesi boo aɖeke o vevietɔ le amesiwo metsi o la me. Ɣeyiɣi tso dɔa ƒe gɔmedzedze yi eƒe dzesiwo gbɔ le ame siwo lenɛ me la le abe kɔsiɖa eve yi ade. Ne dzesiwo dze la wonɔa anyi zi geɖe abe kɔsiɖa enyi esiwo nye: trutsɔame, trutru, afɔdzidedɔ, ŋutigbale ƒe fufuu, fever kple aŋɔmeɖuame. Ame geɖewo abe 10–15% gakpɔa dzesiwo ƒe vava le dzinu ade tso dɔa lele zi gbatɔ megbe. Akla ƒe gbegble kpata teaŋu dzɔna ɣeaɖewoyi vevietɔ le ametsitsiwo me.

Emama toa nu ɖuɖu alo tsi nono siwo me dɔlekui mi le. Gomekpa si womeɖa nyuie o la etsoƒe bɔbɔtɔ wu. Woateŋu amae to kadodo kplokpui kple amesi lee la me. Togbɔbe dzesi aɖeke me dzea le ɖeviwo ŋu edziedzi ne woxɔ dɔ sia hã la woateŋu aɖee na amebubuwo. Ne elee zi ɖeka ko magalee le wo agbeme o. Dɔlekuia kpɔkpɔ hia ʋu dodo kpɔ elebena eƒe dzesiwo sɔ kple dɔlele bubuwo. Enye hepatitis virus atɔ siwo wonya: A, B, C, D, kple E.

hepatitis A ƒe vaccine la nye mɔxenu nyui. Dukɔ aɖewo ɖoe anyi na ɖeviwo kple ame siwo axɔe bɔbɔe siwo medo abui o. Edze abe awɔ dɔ le agbe ŋkekewo katã me. Mɔxenu bubu aɖewoe nye asi kɔklɔ kple nu ɖaɖa nyuie. Dɔdada mɔnu tɔxe aɖeke meli o, gbɔɖeme kple atike nono na trutsɔame alo afɔdzidede nyo le ɣeyiɣi si wohia la me. Dɔlelea katã nu tsona zi geɖe ne akladɔ meli o. Akladɔ sesẽ dada ne wodzɔ la toa akla bubu dede me.

Le xexeame godoo la abe milion 1.5 ƒe dɔlelea ƒe dzesi dzena ƒe sia ƒe eye million akpewo nye dɔa lelawo le wo katã me. Ebɔ wu le xexeame ƒe akpa siwo medza o eye tsinono nyui hã mesu amewo o. Le dukɔ siwo mede ŋugɔ o wome la ɖeviwo si de 90% la le dɔa hafi xɔna ƒe 10 eyata womegalene le tsitsi me o. Edzɔna kpata le dukɔ siwo de ŋgɔ vie la me ne ɖeviwo melee hafi tsi o eye abidodo godoo hã mebɔ o. Le 2010 me la, hepatitis A sesẽ ƒe dodo zu ame 102,000 ku. Xexeame godoo ƒe Hepatisis Ŋukeke vana ƒe sia ƒe le July ƒe ŋkeke 28 dzi be woahe nufiamenyawo tso 'viral' hepatitis ŋu.




#Article 36: Mitsinyedɔ (473 words)


Mitsinyedɔ alo afɔdzidedɔ nye dɔlele si nabe anye mitsi alo ade afɔdzi abe zi etɔ̃ ene gbe sia gbe.  Zigeɖe la enɔa anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo eye ateŋu he tsivɔlelame vee ɖe tsimanɔlame ta.  Zi geɖe la, tsimanɔlame ƒe dzesiwo dzea egɔme kple ŋutigbale ƒe sukuilele kple ame ƒe nɔnɔmetɔtrɔ.  Esia ateŋu agbugbɔ aɖuɖɔɖɔɖɔ ɖe megbe, ŋutigbale ƒe trɔtrɔ, dzi ƒe tsotso kabakaba kple ŋudzɔnɔnɔ ƒe ɖiɖi kpɔtɔ le esimedɔ la le ŋusem ɖe edzi.  Gake, vidzifɛ siwo le no nom alo no no  la ƒe mitsinyenye ateŋu adze gadzi.

Nusi hea dɔ sia vee la ƒe bɔbɔtɔe nye virusi, bacteria, parasaiti, ƒe aʋahoho ɖe dɔkaviwo ŋu alo nusi woyɔna be 'gastroenteritis'.  Zigeɖe la miexɔna nu manyomanyosiawo to nuɖuɖu alo tsi sime nugodo tso amesi le dɔ sia lem la gbɔ.  Woateŋu amãe ɖe hatsotso etɔ̃ me: mitsinyenye gaƒoƒo kpuie tɔ, ʋumitsinyenye gaƒoƒo kpuie tɔ, kple ne enɔ anyi wu kɔsiɖa eve la,  mitsinyenye atraditɔ.  Mitsinyenye gaƒoƒo kpuie tɔ la ateŋu ava nenye be cholera le ame.   Ne nye be ʋu li la, woyɔnɛ be 'dysentery'.  Nu bubuwo ha hea mitsinyedɔ vee. Wodometɔ aɖewo enye: 'hyperthyroidism', notsi tsritsri, dɔka ƒe tete, atike aɖewo, kple dɔka ƒe gbɔgbɔ dɔ kpakple bubuawo.  Le go geɖewo me la womehia afɔdzidodokpɔ na kakaɖedzi kpɔkpɔ na dɔ ƒe dzɔtsoƒe o. 

Woateŋu atsi mitsinyedɔ nu to dzadzenyenye tutuɖo me, tsinono dzadze, kple asikɔklɔ me.   Notsi nana vaseɖe dzinu ade megbe ha nyo abe abidodo ɖe 'rotavirus' ŋu la ene. 'Oral rehydration solution' (ORS), si nye tsinononyuie si me dze sue kple  sukli le, la nyo ŋutɔ na dɔ sia nutsitsi.  Zinc tsikekui ha nyo ŋutɔ.  Dɔnutsitsi mɔnu siawo kpeɖe ɖevi million 50 aɖewo ŋu le ƒe 25 siwo vayi la me.  Ne amewo le mitsinyedɔ la edze be woayi edzi aɖu nu nyuie eye edze be vidziwo ha nayi edzi ano no.  Ne ORS si wodzrana la meli o la, woateŋu awɔe le aƒe me. Le tsimanɔlame atraditɔe me la, tsidodo hia. Gake le go geɖewo me la, numetsi ateŋu akpɔ esia gbɔ nyuie.  Antibioticwo, togbɔ be womezanɛ edziedzi o ha la, teŋu wɔadɔ nyuie le go ʋɛaɖewo me abe amesiwo le ʋumitsinyem la kple asrã sesẽ, amesiwo le afɔdzidede le mɔzɔzɔ megbe, kple amesiwo ƒe afɔdzi me dɔlekuinugbagbevi aɖewo le la.  'Loperamide' ateŋu atsi afɔdzidedea nu vie gake menyo na amesiwo ŋu dɔ sesẽ ɖo o.

Mitsinyedɔ ŋutinyawo abet so billion 1.7 yi 5  dzɔna le ƒe ɖesiaɖe me.  Ebɔwu le dukɔ siwo mede ŋugɔ o me, afisiwo ɖeviwo lea dɔa le abe zi etɔ̃ ene le ƒe me.  Vaseɖe 2012 la, eyae nye bɔbɔtɔ evelia le ɖeviwo ƒe ku hehe vee me le ɖevi maxɔƒeatɔwo dome le xeaxeame godoo (0.76 million or 11%).  Mitsinyedɔ ƒe amelele hea malnutrition ve eye wowɔa esia le ɖevimaxɔƒeatɔ̃wo dome.  Kuxe bubu siwo ateŋu va la enye lame kple susu ƒe matsimatsi. 




#Article 37: Malaria (512 words)


Asrã nye  dɔleame si tso mu gbɔ na amegbetɔwo kple la bubuwo si tsoa parasitic protozoanwo (cell ɖeka ƒe nugbagbevi) na 'Plasmodium' gbɔ. Malaria hea dzesiwo abe feva, ɖeɖiteameŋu, trutru and taɖuiwo vɛ. Le eƒe ŋusɛ̃ nu la, ehea ŋutigbale fufuu, lamedzetsiwo, ɖime alo ku. Dzesi siawo dzea egɔme enuenu tso ŋkeke ewo yiɖe ŋkeke wuiatɔ le mu ƒe ameɖuɖu megbe. Dɔlele dzesiwo agatrɔ va le ɣletiwo megbe ne ame aɖe mexɔ dɔyɔyɔ blibo o. Le amesiwo me dɔlelea vɔ le la, egbugbɔ lele nu mesena o. Dɔ malemale dziɖuɖu nɔnɔme sia dzona le ɣeyiyi abe ɣletiwo kple ƒewo me ne nye be malaria mega le ame o.

Zi geɖee la, woxɔa dɔlele sia tso munɔ si ŋu dɔlelea le ƒe ameɖuɖu gbɔ'Anopheles' mosquito. Ameɖuɖu sia ɖea parasitewo tso mu ƒe ta me ɖe ame ƒe ʋu me. Parasitewo zɔa yi na akla gbɔ afisi wotsina hedzi na ɖo. Plasmodium ƒe ƒome atɔ ateŋu ahe dɔlele ve eye amegbetɔwo ma ne. Ame ƒe kuku geɖe tso P. falciparum with P. vivax, P. ovale gbɔ, eye P. malariae hea asrã siŋu ŋuse mele o la ve. P. knowlesi ƒomewo mena dɔlele amegbetɔwo kabakaba o. Wokpɔna malaria to ʋumedodo tso ʋu lewo, alo kple  Asrã ƒe antigen kpɔkpɔ  dodokpɔwo. Wowɔ mɔnusiwo woaza 'polymerase chain reaction' atsɔ kpɔ parasite ƒe DNA , gake mebɔ ɖe afisiwo malaria bɔ le o elabena woxɔ asi eye womele bɔbɔe o.

Woateŋu aɖekpɔtɔ dɔa ƒe lele to mu ƒe amemaɖumaɖu me le  mudɔwo kple mutikewo zaza me, alo to mu ƒe dzidzi tsotsoɖa mɔnuwo dzi abe nugbagbeviwowuwu ƒe atikewo tsisisi kple tsimatsamatsawo ƒe ɖeɖeɖa. Atikewɔwɔ na malaria nutsitsi ƒe mɔnuvovowo li asrã nutsitsi na mɔzɔla siwo yina afisi dɔlelea le. Enye didi be woaza atikea 'sulfadoxine'/pyrimethamine na vidziwo kple funɔwo le dzinuetɔ gbãtɔwo me ƒe fufɔfɔ le teƒesiwo malaria bɔ ɖo. Togbɔ be ehia ha la, vaccine aɖeke meli o, gake agbagbadzedze na eƒe wɔwɔ le edzi yim. Malaria ƒe atike si dzi woda asi ɖoe nye ƒuƒoƒo na asrãmɔxenu ƒe atikewo si me 'artemisinin' le. Atikewɔwɔ evelia enye  mefloquine, lumefantrine, alo sulfadoxine/pyrimethamine. Woateŋu aza 'Quinine' kpeɖe 'doxycycline' ne artemisinin meli o. Le teƒe siwo dɔlelea bɔ ɖo la, ehia be woakpɔ malaria hafi woadze atike zaza me ɖe atike ƒe dɔmawɔmawɔ ta atike ƒe ŋuse dzi ɖe kpɔtɔ.Atikewo ƒe dɔmawɔmawɔ he malaria ƒe atikewɔwɔ geɖewo ve; le kpɔɖeŋu me, 'chloroquine'-resistant P. falciparum kaka yiɖe malaria nɔƒe geɖewo, eye resistance na artemisinin va zu problem le Anyigbeɣedzeƒe Asia ƒe akpa aɖewo.

Dɔlelea bɔ ɖe tropicwo kple tropicviwo nutome siwo te ɖe anyigbatitina la ŋu me. Eɖewoe nye Sub-Saharan Africa, Asia, and Latin America. World Health Organization bui be le ƒe 2012 me la, malaria le ame million 207 . Le ƒema me la, dɔa wu ame abe tso 473,000 yi 789,000 ene siwodometɔ geɖe nye ɖeviwo tso Africa. Malaria kple ahedada wodoa ka ɖeka eye wogblea nu le du ƒe ŋgɔyiyi ŋu. Le Africa la, wobuibe egblea ga woade abe $12 billion USD le ƒe ɖeka me to eƒe dada , dɔmateŋuwɔwɔ kple nugbegble le tourism ŋu la me.




#Article 38: Do nugododeƒe (468 words)


Do nugododeƒe or afɔdzidedo nye nugodo deƒe aɖe si lɔa amemi ɖe do si woɖe ɖe anyigba la. Mezana tsi o loo alo liter de etɔ ko atsɔ tutu mi la woadzo to ekɔkɔ ɖe miadzi me. Ne wotui nyuie eye wole be nɛ ha nyuie la woateŋu aɖe dɔlekuiwomama dzi kpɔtɔ to afɔdzi si le anyi gbadzaa la to nugodo dede ɖe anyi gbadzaa me. Esia ɖea dɔlekuiwo mama le nugodo kple nuɖuɖu tso nudzodzuiwo gbɔ kpɔtɔna. Dɔlekui siawo koŋ nana afɔdzidededɔ si mana bɔbɔe kple ŋɔviwo le dɔkaviwo me dɔ. Afɔdzidededɔ si mana bɔbɔe la hea ku vɛ na ɖevi siwo mexɔ ƒe atɔ o la si de million 0.7 le ƒe 2011 eye wobu million 250 suku ŋkekewo. Do nugododeƒewo nye mɔnu si dzi woato ama mi tso amewo gbɔ.

Akpa etɔe le afɔdzido ŋu: do ɖeɖe ɖe anyigba, do vi ɖeɖe ɖe anyigba gota, kple xɔ. Edoa yi tome abe meter 3nbsp (afɔ 10nbsp) eye wokeke abe m 1 (afɔ 3.2 ). World Health Organization ɖoe be woatui ɖe afisi eƒe didime tso aƒeme gbɔ anɔ bɔbɔe na egbɔ yiyi eye eƒe ʋeʋe ha manye tukaɖa o. Ele be eƒe tete ɖe tometsi kple gotatsi na didi vie be mahe pollution ve o. Mele be edo si woɖe ɖe atia nawu centimeter 25 (inche 9.8 ) be ɖeviwo mage dze eme o. Kekle megaɖo eme o be nudzodzoewo makpɔ mɔ age ɖe eme o. Ahia be woatu doa ne wome le ezam o. Ne edoa yɔ abe meter 0.5 (afɔ 1.6), ele be woalɔe alo woatu yeye woaɖe xɔa ɖa alo woagbugbɔ tui ɖe teƒe yeyea. Belele na fecal sludge si woɖe tso doa me nyea nusese. Ne womewɔe nyuie o la, ehea yame kple lamese tukaɖa va nɛ.

Woateŋu tu afɔdzido ɖe dzi le mɔ geɖewo me. Ɖekae nye woana mɔ ya ƒe dodo le eme va gota. Esia hea ya ƒe dodo ɖe dzi eye woɖea eƒe ʋeʋe dzi kpɔtɔ na. Egahea nudzodzoewo ɖa ne woxe eta kple mesh (zigeɖe wowɔe kple fiberglass). Afɔdzisiawo ƒomevi mehia be woatu doa le gota o. Tutuɖedzi mɔnu bubuwoe nye woatui be aɖuɖɔ atsa yiɖe doa me eye woatu gota godzi woase kple ekpe alo cement kpeviwo be woanɔ te sesie.

Vaseɖe ƒe 2013 me la, ame million 1.77 za na afɔdzido. Esia bɔ wu le dukɔ siwo le tsitsim kple le kɔƒe kpakple gbedada teƒewo. Le ƒe 2011 me la, nugododeƒe nyuie me le ame million 2.5 billion si o eye billion ɖeka denɛ ɖe nugodo dede ɖe anyi gbadzaa woƒe gotanɔƒewo. Asia ƒe nyiehe kple Sub-Sahara ƒe Africa woe si nugododeƒe nyuie me li o. Le dukɔmayiŋgɔ me la, afɔdzido tutu xɔ asi abe USD 25 kple 60. Belele nɛ edziedzi axɔ abe USD 1.5 kple 4 na ame ɖeka le ƒe ɖeka me; esi amewomenya o. Le kɔƒe du aɖewo India me la, woɖo  Ne Nugododeƒe Meli o la, Maɖe Nyɔnu o ɖoɖowo anyi be woatsɔ he afɔdzitutu ɖe dzi to nyɔnuwo ƒe gbegbe be yewomaɖe ŋtsu si si afɔdzi me li o.




#Article 39: Nunyiamemademade (566 words)


﻿

Nunyiamemademade alo nunyiameɖuɖumademade nye nɔnɔme si tsoa nuɖuɖu si me nunyiamewo me li o alo si me wobɔ ɖo fuu si hea dɔlelewo vɛ. Nunyiame siawo nye : lamemiwo, protein, carbohydratewo, vitaminwo alo mineralwo. Zigeɖe la, woyɔ ne be nunyiamemademade ne lamemiwo, protein alo nunyiamekuiwo mebɔ o; gake, woga yɔ ne be nunyiamedewu. Ne nunyiamemademade le vidzi le fufɔfɔ alo hafi woxɔ ƒe eve me la, ateŋugble nu le eƒe tsitsi ŋu tegbetegbe. Nunyiameɖuɖumademade ƒe sesietɔ si woyɔ na be numaɖumaɖu, ateŋu ahe dzesiwo abe: kpuienyenye, makɔmakɔ, ŋusemanɔamesi, kple afɔ kple dɔme ƒe tete. Zigeɖe ha la, amewo kpɔ na infectionwo eye wogakpɔ na fafa edziedzi . Nuɖuɖukui mademade ƒe dzesiwo tsoa nuɖuɖukui si me le nuɖuɖua me o.

Undernourishment zigeɖe la tsoa nuɖuɖu nyuie maɖumaɖu gbɔ. Etsoa nuɖuɖu xoasiwo gbɔ kple poverty. breast feeding manɔanyi ateŋu he vɛ, nenemake infectious diseases abe: gastroenteritis, pneumonia, malaria kple measles siwo hia nunyiame le agbɔsɔsɔ me. Undernutrition ƒe ha evee le: protein-energy malnutrition kple dietary deficiencies. Protein-energy malnutrition ƒe sesie ha eve le: marasmus (a lack of protein and calories) kple  kwashiorkor (a lack of just protein).Micronutrient manɔanyi bɔbɔtɔwoe nye: iron, iodine kple vitamin A manɔanyi. Le pregnancy yi la, le nunyiamewo ƒe zaza le agbɔsɔsɔ me ta la, woƒe vɔvɔ bɔ ŋutɔ. Le developing countries la, overnutrition le  obesity ƒe nɔnɔme me la, nyea undernutrition le teƒe ɖekawo. Malnutrition ƒe dzɔtsoƒeɖewoe nye anorexia nervosa kple bariatric surgery. Malnutrition bɔ wu le elderly me ɖe woƒe physical, psychological kple social nyawo ta.

Mɔnuwo be woahe nutrition ɖe ŋgɔ nyea mɔnuwo abe development aid. Notsi nono ateŋu aɖe malnutrition dzi kple ku le ɖeviwo me, eye mɔnuwo be woado eƒe wɔwɔ ɖe dzi ha hene ɖe dzi. Nuɖuɖu kple notsi nana ɖeviwo le ɣleti ade kple  ƒe eve me la hea dometsonuwo vɛ. Nutsotsowo de megbe na supplementation tso micronutrients zaza le fufɔfɔ me kple le ɖeviwo me le teƒesiwo heɖe megbe le ŋgɔdonyawo me le ɣeɣeame. Be woana nuɖuɖu amesiwo wohia wu la nuɖuɖua tsɔtsɔ na kple ga nana be amewo ateŋu aƒle nuɖuɖu le woŋutɔ ƒe asime nyo ŋutɔ. Nuɖuɖu nana amewo le suku ko mede o. Malnutrition sesietɔ ƒe dada le aƒe me kpeɖe ready-to-use therapeutic foods ŋu le bɔbɔe ɣesiayi. Ame siwo le malnutrition sesietɔ kpeɖe dɔlele bubuwo ŋu la, elebe woaxɔ dɔdada le kɔdzi. Esia kuɖe asitɔtrɔ le low blood sugar, body temperature, dehydration, kple edziedzi nuɖuɖu.  antibioticwo zaza edziedzi hia ɖe infection kpɔkpɔ ta.Ŋugɔgbe mɔnu aɖewoe nye: agbledede mɔnuwo dzi tutuɖo, kotɔnyenye dzi ɖeɖe, tutuɖe sanitation, kple empowerment of women.

Le 2010 me la, ame million 925nbs undernourished woe le xexeame, eye ame million 80nbsp kpeɖeŋu tso ƒe 1990. Wobui be vitaminwo kple nunyiamewo me le ame billion bubuwo si o. Le ƒe 2010 me la, wobui be  protein-energy malnutrition he ame 600,000 ɖe ku me tso ku abe 883,000 le ƒe 1990. Nunyiame manɔamesi bubuwo abe  iodine deficiency kple iron deficiency anemia, ame abe 84,000 bubu geɖe ɖe ku me. Vaseɖe ƒe 2010 dzi la, Undernutrition hea 1.4% na disability adjusted life years va nɛ. Abe akpa etɔ mama na ekuwo kata tso undernutrition gbɔ; gake, zigeɖee womebune nenema o.Le ƒe 2010 me la, eyae he nyɔnuwo kple ɖeviwo ƒe ku abe mellion 1.5  gake wobuibbe xexlemea wu ame million 3nbsp. Ɖeviwo abe million 165 le stunted growth tso dɔlelea me. Undernutrition bɔ le  dukɔsiwo ŋgɔ yiyi me bɔ ɖo o.




#Article 40: Vo (100 words)


Vo enye atikutsetse  si tso  Annona muricata, si enye ati si fe amakpawo dama ɣesiaɣi.

Wome nya efe tsoƒe tututu o. Ebɔ le xexeame ƒe akpa siwo xɔdzo abe Amerika dukɔ aɖe wo me. Ebɔ le Afrika dukɔwo me ha. Edo ƒome kpakple Annona ti ƒomea, eye wole  Annonaceae ƒomea me.

Vo bɔ ɖe afisiwo dzoxɔxɔ le eye xexeame me fana akpa o, elabena fafa naa atikutsetseawo gblena. Vo ƒe vivivi le abe ne wo blu  kutsetse kple , kple akutu veve gake eme bɔbɔ abe agɔti alo akɔɖu ene. Amewo geɖe xɔse be kutsetse sia ateŋu adagbe le kansa ŋu gake esia mele eme o.




#Article 41: Johann Gottlieb Christaller (487 words)


Johann Gottlieb Christaller (19 Adeɛmekpɔxe 1827 - 16 Dzome 1895) enye mawunyagblɔla, gbemeɖela tso Dzemeni si wɔ dɔ kpakple Bremen Mission hamea. Esrɔ̃ nu geɖe hã le Blugbe gbɔgblɔ ŋuti le ɣemaɣi me Gold Coast dukɔ la nɔ anyi. Enɔ amesiwo ɖe Biblia gɔme ɖe Blugbe me. Ame geɖe kpɔe abe amesi do West Afrika gbegbɔgblɔwo sɔsrɔ̃ ɖe ŋgɔ.

Wodzi Johann Christaller le Winnenden si medidi tso Stuttgart le Dzemeni o. Fofoa nye awutɔla. Agbalẽ xexlẽ dzɔa dzi ne Johann tɔ ŋutɔ eyata agbalẽwo sɔgbɔ ɖe esi le aƒe alegbegbe. Nusia na agbalẽ xexlẽ dzɔa dzi na Johann hã. Le suku dedevɔ megbe la, eva yi wɔ agbalẽ dɔ le Winnenden gbɔ me. Le esia yome la, evayi de Basel Mission Mawunaygbɔgblɔ suku si le Basel le Switzerland le Anyɔnyɔ 1948 me. Wo ɖoe osɔfo le 7 Adeɛmekpɔxe 1852. During his studies there, he edit the grammer of the Twi language.

Basel Mission tɔwo ɖo Johann Christaller ɖe Ghana na woƒe dɔwɔwɔ. Esime woɖo la, eva dze Osu si le Gɛ̃ le 25 Dzove 1853. Eƒe lame va gblẽ eye wò gbugbɔ zɔ mɔ yi Dzemeni le 1858 me. Egbugbɔ va Ghana le Damɛ 1862 eye wò va dze Aburi. Le esrɔ̃a ƒe ku megbe le 1866 me la, eʋu yi Akropong. Eƒe dɔ veve tɔ ɖeka si wò wɔ le Ghana enye Bibla meɖeɖe ɖe Blugbe me. Ewɔ dɔ sia kple David Asante kple Theophilus Opoku. Dɔ sia wu nu le 1871 me. Enɔ Ghana vaseɖe 1868.

Johann Christaller ɖe Christine Emilie Ziegler, amesi nye mawunyaŋu dɔwɔla bubu tso Waiblingen le Dzemeni le Dzove 1857 me. Eƒe dzilawo nye Christian Ludwig Ziegler kple Rosine Kübler. Wodzi vi atɔ̃, ŋutsuvi ene kpaple nyɔnuvi ɖeka. Wo vi dometɔwoa wo etɔ̃ enye , si nye mawunya gblɔla kple agbalẽŋlɔla, Theodor Benjamin Christaller, si fia nu le Cameroon sukuwo me kple Hanna Christaller, si ŋlɔ Kolonial novellen (Togo). Emilie ku le 13 Dasiamime 1866 le Kyebi le Akyem Abuakwa nutome. Egbugbɔ yi Dzemeni le 1868. Emegbe la, eɖe Bertha Ziegle, si nye Christine ƒe nɔvinyɔnu le 1872 me. Woameveawo hã dzi vi atɔ̃, ŋutsuvi ene kpakple nyɔnuvi ɖeka.

Johann ƒe agbalẽ si wo xɔ ŋkɔ wu dometɔ aɖewo wo nye A Grammar of the Asante and Fante Language Called Tshi (Twi, Chee) Based on the Akuapem Dialect with Reference to Other (Akan and Fante) Dialects si wòŋlɔ le 1875 me kple A Dictionary of the Asante and Fante Language Called Twi, ISBN:978-1104592219, le 1871 me. Agbalɛ̃ eve sia wo ƒe tat gbãtɔ wo do le Basel. Institu de France tɔwo hã do dzesi le eƒe dɔwɔwɔ ta kple dzesi si woyɔna be Volney Prize.                         
 

Akrofi-Christaller Institute enye suku de ŋgɔ le Akropong si le abe univesiti ene. Wo doa ŋusẽ amewo be na woa srɔ̃ɔ nu le Mawunya ƒe gɔmedzedze kple kakaka ɖe Ghana kple Afrika katã. Wo tsɔ Clement Anderson Akrofi kple Johann Gottlieb Christaller ƒe ŋkɔwo na sukua.




#Article 42: Ampe (game) (688 words)


Ampe nye fefe b4b4e hi7l7mese si sukuviwo tuna. Edz4 tso Ghana eye duk4 bubu siwo 5o 6l7 Ghana-dua h7 tun1. Ame eve alo wu nenemae tun1 eye mehi7na na d4w4nu a2eke le etutu me o.

Ampetulawo tia kpo zi 2eka sia akpe he2ea wo5e af4 2eka 2e `g4. Ne ampetula si nye kpl4la la kple ame si wole ampea tum kplii la 2e af4 2eka la, enyea dzesi 2eka na kpl4la la. Ke ne wo2e af4 vovovowo la, ame si le ampea tum kple kpl4la la zua dzi2ula hetr4 zuna kpl4la la. Ne ampetulawo 2e hafi le amp1a tum la, kpl4la la tua ampe la hez4na to ame mamleawo dzi 2eka2ekae. Ne fli me wole h7 la, kpl4la la tua ampea kple ame sia ame  si le flia me. Ke ne ampetulawo nye eve ko la, woxl8a dzesi eye ame si 5e dzesi s4gb4 wu lae zua dzi2ula. 

Ampea tutu

Ampetulawo tia kpo zi 2eka sia akpe he2ea wo5e af4 2eka 2e `g4. Ne ampetula si nye kpl4la la kple ame si wole ampea tum kplii la 2e af4 2eka la, enyea dzesi 2eka na kpl4la la. Ke ne wo2e af4 vovovowo la, ame si le ampea tum kple kpl4la la zua dzi2ula hetr4 zuna kpl4la la. Ne ampetulawo 2e hafi le amp1a tum la, kpl4la la tua ampe la hez4na to ame mamleawo dzi 2eka2ekae. Ne fli me wole h7 la, kpl4la la tua ampea kple ame sia ame  si le flia me. Ke ne ampetulawo nye eve ko la, woxl8a dzesi eye ame si 5e dzesi s4gb4 wu lae zua dzi2ula. 

Duk4-duk4wo 5e modzaka2e2e

Dze agbagba nado bobloe. L7mes8fefe 2eka si ame sia ame nya le Ghana si le tutu2o nam d4w4la ge2e siwo tso UK, Nigeria, Togo, Liberia, Burkina Faso, Tanzania, South Africa kple bubuawo. Nufiala siawo x4 hehe tso Ampe L7mes8fefe `u `keke at-. Nigeriae nye duk4 gb7t4 si de asi agbal8 te kple d4w45e si kp4a ampu tunyawo dzi la hena ho3i3li kple Ghana le ampe l7mes8fefe w4w4 me. Le Adamekp4x1 5e `keke bla-enea me la, le 5e akpe eve v4 enyia me la, Ghana x4 Nigeria 2e ata ta le Theodosia Okoh Hockey Stadium le G1. Le ema megbe la, wode asi agbal8 te be Liberia kple United Kingdom h7 na3li ho kple Ghana le afi ma ke esime Ghana 2u Nigeria dzi le wo5e ho3i3li la me.

G1 Tox4dua 5e ampeho3i3li `utinya

Le Adamekp4x1 5e `keke enyilia dzi le 5e akbe eve kple enyia me la, Bubut4 Alfred Adjei, ame si nye dud4w4la si kp4a ak4danyawo dzi le Avenor, Manmomon, Carpice, Kwadjoman kple Otaten ametianutoame la de ampe ho3i3lia tome. W4na la w4 2eka kple ‘Be- great Promotions’ si nye d4w45e si si `us8 le be wòakp4 ampetutu 5e ho3i3linyawo dzi le gowo kat7 me. ‘D4w45e si nye Otaten team’ la, le e5e `us8dodo me la, dze agbagba lé metsonu 2e sia 2e si ku 2e ampe ho3i3lidzi2u2u gb7t4  si yi edzi le G1 si nye Ghana 5e Tox4du la da 2i. 

G1 Tox4dua 5e ampeho3i3li `utinya

Le Adamekp4x1 5e `keke enyilia dzi le 5e akbe eve kple enyia me la, Bubut4 Alfred Adjei, ame si nye dud4w4la si kp4a ak4danyawo dzi le Avenor, Manmomon, Carpice, Kwadjoman kple Otaten ametianutoame la de ampe ho3i3lia tome. W4na la w4 2eka kple ‘Be- great Promotions’ si nye d4w45e si si `us8 le be wòakp4 ampetutu 5e ho3i3linyawo dzi le gowo kat7 me. ‘D4w45e si nye Otaten team’ la, le e5e `us8dodo me la, dze agbagba lé metsonu 2e sia 2e si ku 2e ampe ho3i3lidzi2u2u gb7t4  si yi edzi le G1 si nye Ghana 5e Tox4du la da 2i. Saturday 8th December, 2018 saw a successful Ampe Sports tournament organized by Hon. Alfred Adjei (Accra Metropolitan Assembly Presiding Member) for the Avenor Electoral Areas comprising Manmomon, Caprice, Kwadjoman and otaten. The Event was in partnership with Be-Great Promotions which is the official organization mandated to manage Ampe Sports tournament across all levels. With a large range of spectators, Otaten team through their indefatigable performance recorded the historic success of winning the first ever Ampe Sports competition organize in the City of Accra, Ghana.




#Article 43: Afrikatɔwo ƒe mɔzɔzɔ yi Europe (465 words)


Afrikatɔwo yizɔmɔ yi Europe nye ame siwo le Europe eye wo nye Afrika vi dzidziwo.

Wodzi Romantɔwo ƒe dzidula, Septimius Severus le Afrika Gbegadzi si nye egbe Libya. Afrika gbegadzitɔwo ʋu yi Britain le Romantɔwo ƒe dzidudume. Wokpɔ Britishi yevu ŋutsu adewo si tɔ ƒome nkɔ deka be ʋukɔme dzidzi yike tso Sub Sahara afrika nutsuade gome lewosi si ke nɔ anyi le ƒe akpe  adewo megbe.

Tso eƒe 1960 yina la, Morocco, Algeria kple Tunisia nye dukɔ yome mɔzɔzɔ tso Afrika yi Europe tsona le gbɔsusume sike na dzidzime viwo si tso dukɔ yome me le Europe sugbɔ le alafa 20 ƒe nuwuwu. Le eƒe siwo kplɔ ami ƒe tukara mela, mɔzɔzɔ yi Europe ɖukɔwome vasese. Eya menabe mɔzɔzɔ tso Afrika dziehe nutso o, ke bonu woana amesiwo zɔmɔ vayi kple woƒomewo nanɔ anyi mlɔeba. Mɔzɔzɔ yawo geɖe tso Mahgreb nto me yi France, Netherlands, Belgium kple Germany. Tso eƒe 1980 dome yina, Ɖukɔsiwo me mɔzɔla yawo yina keke gede Spain kple Italy elabe ɖukɔsiawo ɖi dɔwɔla siwo bi de woƒe dɔwɔwɔme le agbosusume.

Spain kple Italy de Visa nudidiwo de mɔzɔlawo si tso Mahgreb ntome le eƒe 1990 ƒe gomedzedze me sike nabe mɔzɔzɔ le emo bada di to Mediterranean me vayi dzi.  

Tso eƒe 2000-2005, ame 440,000 zɔmɔ tso Africa yi Europe.

Le Hei de Haas. amega na International Migration Institute le Oxford Suku game ƒe nuƒoƒome a, dutoƒonuƒo le Afrikatɔwo ƒe mɔzɔzɔ va Europe le abe Israel tɔwo ƒe dzodzo le Israel ene sike nye mɔzɔla siwo zɔmɔ le emɔ bada dzi tso aʋawɔwɔ kple ehia me. Amega ya be yeme hɔ dzi se o elabe mɔzɔla siawo gede nye gbalɛnyalawo eye wo atenu aɣe efe si hia na emɔzɔzɔla. eyi edzi gblɔ bena, mɔzɔzɔ tso Afrika yi Europe tso alesike dukɔsiawo hia dɔwɔlawo le asinudɔ gede me. 

Egblɔbe gede zɔna mɔ le wɔntɔ wodokui shi tsɔ awu yike woadzra wo. Egblɔ yidzi be togbobe nyakakamɔnuwo susu be mɔzɔla mawɔsedzi yawo vana tso eƒu dzi ha, mele nenema o. Gede va na abe tsadimɔzɔlawo ene alo tso agbale fitifiti wo dzi alo to Spain ntowo me abe Ceuta kple Melilla ene. Ebe Afrika mɔzɔla mawɔsedzi gede wo zɔnamɔ le emɔ nyuitɔ dzi gake gede tsi na nyi wu game si woƒe Visa nawo. Nenemake, mɔzɔla me nunyala, Stephen Catsles ha gblɔ bena, togbɔbe nyakakamɔnuwo elidom tso Afika tɔwo ƒe mɔzɔzɔ le agbosusume ha, ɣeɣleme ya lia, mesugbo o.

Le Organisation for Economic Co-operation and Development(OECD) ƒe kpɔkpɔnu a, Africa tɔwo ƒe mɔzɔzɔ yi dukɔ dengor me mesugbɔ abe alesi mɔzɔzɔ le hihame o.BBC gblɔ dogo be le eƒe 2007 me a,International Organisation for Migration be Afrika mɔzɔlawo abe million 4.5 le alo million Europe gake Migration Policy Institute be Afrika mɔzɔla mawɔsedzi abe million 7 alo million 8 le EU dukɔwome.




#Article 44: Ghanatɔ siwo le Germany (841 words)


Gbedegbe  nu sɔsrɔ̃wo de fia be ghanatɔ siwo le Germania alo Germany dukɔ me la nye ghanatɔ siwo zɔmɔ yi Germany ƒe aɖewo vayi la ƒe dzidzi meviwo le Germany. Nu me kuku ɖe fia be ghanatɔ siwo le Germany la tsɔ akpa gátɔ na amesiwo zɔmɔ yi yɛvuɖe ƒe akpa yikɛ woyɔna be Europe le United Kingdom me gbe.

Hafi Ghana naxɔ ɖokuisinɔnɔ le ƒe 1957 me la, kadodo nɔ Ghana kple Germany dukɔa dome. Ghana ƒe akpa yikɛ woyɔna be Amugá nutome alo Volta Region la nɔ Germany te kpeɖe Togo dukɔa ŋu hafi xexeame ƒa gbátɔ le ƒe 1957, Ghanavi dzidzi bla ene vɔ ene kpɔ mɔ nu le ameyibɔ tɔwo ƒe mɔnu kpɔkpɔ le Germany suku kɔkɔ si woyɔna be university la me.

Le ƒe 1960s kple 70s wo me la, Ghanavi geɖe siwo zɔmɔ yi Germany dukɔa me la nye sukuviwo eye wòwɔ habɔbɔ vovovo wo le Germany dukɔa kple sukuawo me yi ke wɔe be wova zu Ghana sukuviwo ƒe habɔbɔ le Germany dukɔa me (UGSG).

Le ƒe 2009 me la, Ghanatɔ siwo le Germany dukɔa me la ƒe xexlẽme nye akpe bla ene (40,000). Le esime wo ƒe xexlẽme sia nye amesiwo ɖe asi gbalé te be yewo me ga nye Ghanatɔwo o la kple wo viwo dzidzi me evelia kple etɔ̃lia wo. Nu ŋɔŋlɔ̃ sia kuɖe Deutsche Gesellschaff fur Technische Zusammennaebeit tɔwo ƒe nu mekuku ŋu.

Ɖevi abe akpe 9,729 nye ɖevi siwo wo dzi le Germany na Ghanatɔ siwo nye srɔ̃tɔwo tso ƒe 1965 vaɖo 2006 me. Eye le ƒe 2007 la, ame akpe 20,329 woe nye Ghanavi dzidzi siwo ŋlɔ ŋkɔ le Germany eye akpe 8,194 zu Germany tɔwo. Ƒiƒiala la, Ghana le kadodo nyuitɔ me kple Germany dukɔa eye Ghana ƒe akpa aɖe le Germany dukɔa me, eyi me ame aɖewo yi ɖe suku ɖeɖe ta eye bubuwo hã be Germany dukɔa na asi yewo atso alo ɖe ƒɔmewo ƒe ɖeka wɔwɔ ta.

Ghanatɔ siwo le Germany dukɔa me la nɔna Germany dukɔa ƒe akpa yikɛ woyɔna be Hamburg, Berlin, kple Bremen, le akpa yikɛ woyɔna be Ruhr nutoame. Eye le akpa yikɛ woyɔna be Frankfurt la Ghanatɔwo xɔ akpa 22.7% ɖe alɔfa dzi. Akpa gãtɔ wo le Hamburg eye agbɔsɔsɔ 23.8% ɖe alɔfa dzi le akpa yikɛ woyɔna be North Rhine-Westphalia. Agbɔsɔsɔ 9.2% ɖe alɔfa dzi le Berlin. Agbɔsɔsɔ 9.8% le Germany dukɔa ƒe akpa yikɛ woyɔna be Hesse eye teƒe sia nye teƒe tsitsi aɖe si ke Ghana tɔwo nɔna ŋutɔ. Ɖe esiata la ŋukɔ sike woyɔna le Ghana be “bɔga” la ɖo tso teƒe siwo yɔ na le Germany dukɔa me la be Humburg.

Le ƒe 2004 lia ƒe ɣleti adelia me la, Ghana mɔzɔ gbalé xɔ ƒe le Germany la ɖo Ghana viwo ƒe habɔbɔ gɔme anyi be woa foƒu Ghana viwo katã nu ƒu le Germany dukɔa me. Aƒɔɖeɖe gbãtɔ le ƒe 1996 la me teŋu dzedzi o. Sɔle hawo nye ƒuƒoƒo gãtɔ wo wu le Ghana eye Yesu yome dze la wo nye amesiwo sɔ gbɔ wu Ghana dukɔa me. Ghana Katoliko ha, Bethel ha, kple Presbyteria hame nye sɔle hã gá wo le Germany dukɔa me.

Ghana dukɔa nye dukɔ si le nɔƒe gbãtɔ le nuxɔxɔ alo ga xɔxɔ me tso wo ɖeviwo gbɔ tso dukɔ bubuwo me. Ghana le nɔƒe ɖeka de ade dzi le wɔna siawo me. Le nugɔmeɖeɖe me alo nu me kuku ɖe fia be ghanavi dzidzi 90% ɖo na ga ɖa Ghana na woƒe ƒome tɔwo eye ɖewo hã ɖo na ga ɖa wu woƒe fetu kora gɔhá.

Tso ƒe 1970 wo me vaseɖe 1980s wo me la, hadzidzi aɖe ƒomevi va dzeɖe go si wo yɔ na le Germany kple Ghana be Burger Highlife kple funk hadzidzi atsá mɔnuwo. Ghanavi zɔmɔ yi Germany woe tɔ atsá mɔnu siawo vee.

Ghanavi siwo le mɔkpɔm be yewo aɖe suku le Germany la mateŋu azã ɖaseɖigbalɛ si woyɔna be WASSCE abe alesi wò le le Ghana la ene o. Le susu sia ta elebe na ɖe suku kɔkɔ aɖe le Ghana ƒe ɖeka alo awu suku kɔkɔ aɖe nu le Ghana alo aɖe suku kɔkɔ aɖe le Germany ƒe ɖeka atsɔ awɔ dzadzra ɖo hafi ateŋu akpɔ mɔnu le Germany suku kɔkɔ wo dometɔ aɖe me abe Ghanavi. Eye ɖaseɖigbalɛ si woyɔna be HND la ƒe nusrɔsrɔ̃ tutu ɖe dzi mɔnuwo me le Germany o eyata suku nusɔsrɔ siwo anawo ɖaseɖigbalɛ si woyɔna be Batselɔ la ƒe nuwo kɔ ateŋu akpɔ mɔnu asrɔ̃.

Ghanatɔ siwo zɔ mɔ yi Germany abe ɖukɔ bubu me tɔwo la le be woa nɔ amedzro dzeƒe na ɣeyiyi kpui aɖe ko alo aƒle aƒe alo ahayi aƒe anɔme na xeyiyi ɖiɖi aɖe.[10] Ame aɖewo koe kpɔ mɔnu asrɔ̃ Germany gbe gbɔgblɔ eye amesiawo ƒe ɖe woe nye nesiwo kple amesiwo kpɔa lamesɛ nyawo gbɔ.[11] Ghanavi siwo kpɔ mɔnu dze woawo ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ wo gɔme abe ame bubu ɖesiaɖe ene la, le be woa ŋlɔ ŋkɔ le teƒe si wo kpɔna asitsa nyawo gbɔ le ne nye be wo le woawo ŋutɔ ƒe asinu ɖɔwowɔ.




#Article 45: Amedzroviwo kple nugbegblěwɔwɔ le Germany (166 words)


Amedzroviwo kple nugbegblěwɔwɔ le Germany ɖe du bubu me tsolawo nuti kple dutatsolawo ƒe nugbegblě wɔwɔ nye tanya na nyamedzrodzro wo le Germany dukɔa me tso gbeadegbe va de asi na egbe.

Le ƒe 2015 ƒe Adamekpɔxɛ me la, nyatakaka si tso kpovitɔwo gbɔ ɖi fia be ‘togbɔ be sitsofe dzilawo ƒe agbɔ sɔsɔ dzi yim hã la, nugbegble wɔwɔ me dzi yim boo ale o.
Interior minister Thomas de Maizière de dzesie be sitsofedzilawo le dukor me kple dukɔmeviwo ƒe agladzedze alo nugbegble wɔwɔ de sɔsɔ ge kloe.

Le ƒe 2018 me la, nume kulawo tso University of Magdeburg  ɖi fia to numekuku me tso ƒe 2009 va se ɖe ƒe 2015 me be, nugbegblě si dutatsolawo wɔna ɖe Germany tɔwo ŋu koe wolè na ɖi. Ke wo me lè na nugbegblě si dutatsolawo wɔna ɖe wo nɔe wo ŋu o.

Esia ta kadodo aɖeke mele dutatsolawo ƒe agbɔ sɔsɔ ɖe dzi kple nugbegble wɔwɔ ƒe fievɔ dodo alo gbɔ sɔsɔ ɖe dzi  me o.




#Article 46: Sitsoƒedzidzi le Germany (689 words)


Gomekpɔkpɔ na sitsoƒe kude amesiwo kpefu le duta ʋliʋli ƒe wɔna wo me nye gomekpɔkpɔ tɔxɛ ade si dzi kpedodo le le Germany ƒe dukplɔ se  me. Enya sia ŋti bubu fia be dukplɔ gbalěa de dzesi gɔmesese si ke 1951 Refugee Convention na kuɖe sitsoƒe ŋu be edua manyǎ sitsoƒedzilawo o ke boŋ woa kpɔ wo ta le esea te. Takpɔkpɔ sia le veviě na Federal Office For Migration and Refugees  (Bundesamt für Migration und Flüchtlinge, 'BAMF') fukpekpe adeke manɔ mee.

Le ƒe 1993 kple 2015, wo wɔ tɔtrɔ yeyewo le agbale sike de megbe na sitsoƒe ƒe gomekpɔkpɔ ŋu. le enya sia wo nkume kude sitsofe dzilawo ƒe kuxiwo nu le ƒe 2015 ƒe akpa evelia me.

Bena naxɔ gbalě be ɖukɔ bubu na si ye atso la, elebe na ŋlɔ̌ ŋkɔ le Germany ŋkɔ ŋlɔ ƒe eye wo ŋkɔ, (Section 22 AsvIVfG)ɖukɔ yi me nɛ tso, ame agbɔsɔsɔ yi kɛ gbɔ Germany ɖukɔ me tso woa kpa dzi, ŋtsue ne nye alo nyɔnue nɛ nye,kple wo ƒome ŋti nuwo le vevie be woa ŋlɔ wo ada ɖi to mɔ nu bɔbɔe aɖe dzi sikɛ wo ɖe ŋkɔ na be 'Erstverteilung von Asylbewerbern' la me. Le ŋkɔ ŋɔŋlɔ̌ kple nɔviawo vɔ me gbe la, elebe na yi ŋkɔ ŋlɔ ƒea wo dome tɔ ɖeka be woa nawo ɖukɔmevi gbalɛ̌ alo be woa nawo agbalɛ̌ abe amesi ke si Germany ɖukɔa tso.
Le Germany ɖukɔ me la, gbalɛ̌ xɔxɔ na ɖukɔa sisitso tso na dɔwoƒe si woɖe ŋkɔ na be 'Federal Agency for Migration and Refugees' si gɔme kpɔe de koe nye be dzidudu dɔwɔƒe si kpɔa amesiwo si Germany dukɔa tso la ƒe nyawo gbɔ. 

Germany dukɔ ƒe se gbalɛ tso dukɔa sitsitso ŋu gblɔ be:

Segbalɛa ƒe akpa wuienelia (section 14 AsvIVfG) de dze si ɖoɖowo alo aƒɔɖoƒewo na ɖukɔmevi gbalɛ xɔxɔ. Le ɖoɖoawo vɔme gbe la, woa nawo gbalɛ abe ɖukɔ mevi na ve ɣeyiyi kpui aɖeko.
 
Segbalɛa gblɔ hǎ be, amesiame si asi Germany ɖukɔa atso la ƒe nyawo le be woa ŋlɔwo adaɖi negbe ɖevi siwo mexɔwu ƒe wuienɛ o.
Se gbalɛa hǎ ga gblɔ be,(section 16 AsvIVfG) ame siwo wo na gbalɛ̌ xena ɣeyiyi kpui aɖe ko la me kpɔ mɔnu awɔdɔ le ɣleti gbǎtɔ ɛtɔ̌awo me o. Le ɣleti gbǎtɔ ɛtɔ̌ siawo me megbe la, ekpɔ mɔnu axɔ ɖɔwɔwɔgbalɛ tso dzidudu ɖɔwɔƒe sike kpɔa ɖɔwɔwɔ gbalɛ wo ƒe nyawo gbɔ. Ɖe segbalɛa ƒe akpa (section 14a) wuie nelia ƒe axa gbǎtɔ ŋu la, ɖoɖowo na gbalɛa xɔxɔ ateŋu atrɔ nenye be edze alo sɔ kple ɖoɖo sike wo yona be 'airport procedures'(Flughafenverfahren' alo yameʋudzeƒe ɖoɖowo si na mɔnu amewo be wɔaxɔ gbalɛ sia hafi ageɖe Germany dukɔa me ne nye wo le yameʋu me. Wowɔ sesiawo kple susu be yameʋudzeƒetɔwo maga le amewo dadi le agbɔsɔsɔ me hena wo ƒe gbalɛ̌wo xɔxɔ o.

Kuɖe axa 10 le Sitsƒedzidzi ƒe dodowo ƒe se (AsylG or AsylVfG,) nu la, edze na sitsoƒedzilawo be woa na dziɖuɖu ƒe dɔwɔƒe si kpɔna woƒe nyawodzila tɔtrɔ ɖe sia ɖe kuɖe wo ƒe nɔƒe nu, megbetsitsi ma nɔme tɔe, le woƒe sitsoƒedzidzi ŋkeke wo kata me le Germany; esia ha awɔ dɔ ɖe ʋuʋu alo nɔƒe ƒe tɔtrɔ ɖesiaɖe si dziɖuɖu ƒe ɖɔwɔƒea awɔ le eɖokuisi ha nu.

Doƒe vevitɔ le sitsoƒe xɔxɔ ƒe ɖoɖowo mee nye, nyasese le mɔzɔzɔ ƒe dɔwɔƒea.

Le ƒe 2015 me la, le titina xexleme ŋu la, agbale na sitsoƒedidi xɔ abe dzinu atɔ̃ kple kɔsiɖa aɖewo ene, abe alesi dziɖuɖu ɖɔwɔƒe si kpɔa nyasiawo dzi la ŋlɔe ne. Gake, nuteƒekpɔlawogawo, xɔe de eme be ɣeyiyi ƒe didime kɔ wu esia eye woanɔ abe ƒe ɖeka lɔfo ene.

Wo na mie nya be, vovototo le xexleme siawo me kuɖe alesi BAMF didina agbale xɔxɔ ƒe didime tso na ŋkeke si dzi sitsoƒedzilawo xɔna agbale le dziɖuɖu ƒe alɔ si kpɔna nyasiawo dzi la gbɔ; esia ate ŋu anye dzinu aɖewo megbe tso esime wo geɖe dukɔame.

Yiɖedzia, dɔwɔƒea wɔna dɔ tso gbale siwo ŋti dɔwɔwɔ le bɔbɔe wu kaba, eye wotsɔna wo dade ŋgɔ na gbale geɖe siwo ƒe xexleme anɔ abe 254,000 siwo ŋti wo me wɔ dɔ le hade o.




#Article 47: Mɔzɔzɔ yi Germany (511 words)


Le xexeame godoa, Germany le nɔƒe Evelia kplo Amerika ɖo le dukɔ siwo amewo zɔa mɔ tso dukɔ yina.Le UN ƒe ŋukpɔkpɔ nua, le 2017 mea, ame 12,165,083 le Germany dukɔ mean ye gbetatɔwo alo mɔzɔlawo tso dukɔ bubu wo me. Esia fia be le Germany dukɔmetɔ wo ƒe xexleme alo agbɔsɔsɔmea, 14.8% nye mɔzɔlawo alo gbetatɔwo.

Le ƒe 50 siwo vayia, Germany dzidudua do ŋuse ame siwo di be yewoa zɔ mɔ eyi Germany. Wo wɔ esia kple susu be yewoa ɖɔ vimadzimadzi sɔgbɔkuxi ɖo le dukɔa me.

Le le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ le 2015 dzia, mɔzɔzɔ tso du bubu yi du bubu me ƒe seyeye dze dɔwɔwɔ gɔme. Se sia ƒe tometsie nye, zigbãtɔa, wotɔ asi Germany dzi be woa nye dukɔ si me mɔzɔlawo alo gbetatɔwo n adze.
Asi trɔtrɔ siwo wo wɔ le ɖoɖowo si dzi nazɔ hafi azɔ mɔ ayi du bubu me ava Germany menye asi trɔtrɔ vevie alo asi trɔtrɔ senu aɖeke o.

Se yeyea ʋumɔ be dɔwɔlasiwo xɔ hehe deŋugɔ kple dzɔdzɔmeŋutsinusrɔlawo nazɔ mɔ ava Germany dukɔa me, esia awoe be dɔwɔla siwo dukɔa hiã vevie la nasɔ agbɔɖedzi.
Asi trɔtrɔ wowɔ le mɔzɔzɔse wo nu le Germany dukɔ mea ɖifia be agbo ʋuna dɔwɔla siwo deŋugɔ le hehexɔxɔ kple agbãle srɔ nyawo me eye wotu agbo ɖe dɔwɔla siwo me deŋugɔ le hehexɔxɔ kple agbãle srɔ nyawo me nu.

Le ɣleti enelia le 2012 mea, European agbãle blɔ se dze dɔwɔwɔ gɔme le Germany. Eʋumɔ na dɔwɔla siwo me deŋugɔ le hehexɔxɔ kple agbãle srɔ nyawo me siwo tso dukɔ siwo me le EU me o be woa nɔ Germany eye woa wɔ dɔ bɔbɔe le dziɖeɖime zi ale asi wowɔ ɖoɖo dzi. Le federal statistics office ƒe nuleɖanyiwo nu le ƒe 2016, le mamaɖe atɔ mea akpaɖa ƒe akpaɖe tso gbeta alo dububu me.

Le World War II megbea, sitsoƒe dzilawo milioni 12 ʋutso dusiwo nɔ Germany te yi du yeye siwo wo tso.

Mɔzɔzɔ yi Germany akpagatɔ dze gɔme le ƒe 1960. To dɔwɔlawo ƒe agbɔmasɔmasɔ me le ƒe 1950 kple 1960 mea, ɣedzeƒe Germany geɖe ɖeka ɖoɖo me kple Italy le ƒe 1955 me, Greece le ƒe 1960 me, Turkey le ƒe 1961, Morocco le 1963 me, Portugal le ƒe 1964 me, Tunisia le ƒe 1965 kple Yugoslavia le ƒe 1968 me. Ɖekawɔwɔ ɖoɖo sia wɔe be amexɔxɔɖedɔ si wo na nukɔe be “Gastarbeiter ”. Ɖevi siwo dzi le Gastarbeiter  kpɔ mɔnu be woanɔ Germany gake ema me wo dumeviwo o. wona  ŋukɔ wona sia be “Aufenthaltsberechtigung”. Amesiawo akpagãtɔ gale Germany egbe eye geɖewo zu dumeviwo.

German Democratic Republic(GDR) tsítsitre ɖe Gastarbeiter ɖoɖoa nu. Wo ƒonu kuɖe  ɖekoe wo be yewoa za amedehe siwo tso du bubu wo me hena woƒe viɖe kpɔkpɔ. Wo xɔese be amesiawo nye xɔlɔ siwo hia ne hehe be woa yi akpeɖe woƒe dukɔwo nu. Amesiawo wo tso North Vietnam, North Korea, Angola, Mozambique kple Cuba. Le Germany ƒe ɖekawɔwɔ vɔ megbe la, amesiwo le GDR te la mekpɔmɔ awɔdɔ le esea nu o. Esiata wo trɔ wo ɖoɖe wode dukɔwo me.




#Article 48: Gegeɖe dukↄme to mↄdzemadzedzi (196 words)


Gegeɖe dukↄme to mↄdzemadzedzi nye alesi dukↄ bubume tsolawo tsoa  de he gena ɖe dukↄ bubu me to emↄsi dzi se si kpↄa mↄzↄ nyawo dzia me de asiɖo o. Ame aɖewo kpe naɖe mↄzↄla siwo si mↄzↄgbalẽ mele o la nu be woato gbedzemↄ ayi dukↄ bubuwo me madzedzeé. Wo wↄa esia ɖe gà ta. Ne amesiawo kpeɖe mↄzↄlawo nu eye wotso de eye woxↄ wo ƒe gà vↄ ko la, wo ɖea asi le mↄzↄlawo nu le dziɖeɖi me. Ke ameha bubu eɖewo ha tsoa akpasese, mↄfititi, kple beble kplↄna amewo ayi dukↄ bubu wo me. Wo kplↄa amesiawo be woazu kluvi awↄ dↄ sese nawo alo woazu ahasiwↄlawo.

Ame agbↄsↄsↄ si gena ɖe Germany dukↄa me to anyigba anↄ abe 28,000 kple dzivↄ, ame 10,300 tso Austria. Ame 9,270 siwo dzena ɖe yameʋudzeƒea nye amesiwo da le mↄzↄseawo dzi. Eye mↄzↄla siwo genaɖe Germany dukↄa me le madzedze dzi le meli dzeƒewo ƒe agbↄsↄsↄme awu 1,120.
mↄzↄla siwo genaɖe dukↄ me le madzedze dzia ƒe akpagatↄwo tso Afghanistan, Nigeria, Iraq, Syria kple Turkey. Esiae wↄe be mↄzↄzↄse dzi dala siwo kpovitↄwo ƒe dↄwↄƒe gatↄ si le Germany lé ƒe agbↄsↄsↄme anye ame 38,000.




#Article 49: Mɔzɔzɔ tso Ghana yi Germany (1725 words)


Ghanatɔwo ƒe mɔzɔzɔ yi Germany dzegɔme le ƒe 1950 lɔƒo me le esime ɣetoɖoƒe Germany ƒe nuŋɔŋlɔwo ɖe mɔ na sukuviwo tso Afrika dukɔ aɖewo me be na woateŋu akpɔ gome le sukukɔkɔ dede me.  Nuŋɔŋlɔsiawo ɖe mɔ bena sukuviawo na srɔ nu eye ne wo trɔ gbɔ va woƒe dukɔ vovovo wo me la, anye kpekpeɖeŋu.

Va de asi na ƒe 2009, ame xexle me abe 40,000 lɔƒoe nye Ghana vi dzidzi wo le Germany; esime Ghana vi dzidzi wo ƒe mɔzɔzɔƒe dzɔtsoƒe nye Ghana amesiwo dzi alo ƒe dzotsoƒee nye Ghana eye  dzidzime evelia kple dzidzime etɔlia siwo dzɔ tso Ghanavi dzidzi wo me si wo le Germany eye devisiwo dzɔ tso dukɔ eve ƒe kadodo me siwo me zɔ mɔ le woɖokuisiwo o, abe alesi Deutsche Gesellschaft fur Technische Zusammenarbeit (GTZ) ŋlɔe ene.

Le GTZ ƒe nuŋɔŋlɔ me la, ame agbɔ sɔsɔ geɖe wo nye mɔzɔla siwo le Germany mɔzɔgbale de asi. Wo ame sia wo zɔ mɔ kple agbalɛ deditɔwo gake wo me gbugbɔ yi woƒe tsoƒewo o, ke boŋ le Germany le esime wo me ŋlɔ ŋkɔ be yewo anɔ anyi awu ŋkeke si wo na wo la o.

Ga manɔ ame si, aʋa wɔwɔ kple agbeme ƒe kuɣi woe nye susu ade siwo ta amewo ʋu na alo si na le woƒe dukɔ me yi na ɖe ɖukɔ bubu wo me. Ame siwo si to aʋawɔwɔ alo ʋunyaʋunya mɔnu he le sitsoƒe dim la ƒe agbɔsɔsɔ le xexléme dzika tsom ƒo eye wo le dzi yim ƒe sia ƒe. Ga manɔ amesi, kple kododo ƒe dziyiyi kple dukɔmeviwo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe dziyiyi woe nye susu aɖe siwo ta amewo ʋu na le woƒe dukɔwo me.

Ne mie le ŋku de Ghanavi wo ƒe mɔzɔzɔ yi ɖe Germany ŋu la, mia kpɔ ha tsotso etɔ. Woa woe nye sukudede mɔzɔzɔ, sisoƒe-didi mɔzɔzɔ, kple ƒome wo ƒe kadodo mɔzɔzɔ. Dɔwɔwɔ mɔzɔ gbale xɔxɔ ƒe dzidzedze me sɔ ne Ghanaviwo o.  

Ame geɖe siwo zɔmɔ yi Germany be ye wo aɖe suku la, trɔ gbɔna va woƒe tsoƒewo.

Ame siwo zɔmɔ lae  le Germany egbe eye woa nɔe daa.

Tso ƒe 1970 me la, ga manɔ amesi kple ɖunya ta ʋiʋli ƒe hunyahunya wo le gbadagba wo ƒe kpɔkplɔ te le Ghana nae be Ghana vi gedewo di sitsoƒe le Yurope kple Afrika dukɔwo me. 

Xɔxɔna amesiwo di sitsoƒe tso Ghana kuda dunyaʋiʋli ʋunyaʋunya ta la ƒe xexle me me ɖo ɖeka ɖe alafa ɖeka dzi o, elabena dunyataʋlila geɖewo tsɔna wo dea ga ma nɔ amesi sitsoƒe sila wo dome.  Ame 112 tso ƒe 1983 va se ɖe 2007 koe wo xɔ abe dunya ta ʋliʋli ƒe hunyahunya sitoƒe silawo ene.

Ame siwo zɔme le xexi ya te lae nye amesiwo le Germany egbe eye wo anɔe daa. Ghanavi wo siwo wu ɖeka ɖe akpa ene dzi woe zɔmɔ yi Germany to ƒome kadodo wo me.

Germany mɔzɔzɔ gbalé ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.
Ɣeɣeme goɖo dɔwɔƒe si ke kpɔa amewo ƒe mɔzɔzɔ nyawo gbɔ ɖe dzesi be amewo ƒe mɔzɔzɔ nyawo gbɔ ɖe dzesi ɣesiaɣi mɔzɔzɔ abe mɔzɔzɔ sike nye mɔzɔzɔ si kuɖe se kple ɖoɖo siwo kuɖe mɔzɔzɔ nyawo ŋu le mɔzɔla ƒe ɖume, afi yikɛ woyina  kple edze ƒe. IOM há ɖe dzesi mɔzɔzɔ sia abe amewo ƒe mɔzɔzɔ tso teƒe ɖeka yi teƒe bubuwo le sea wo kple ɖoɖowo manɔmee le gegeɖe dukɔ aɖe me alo ɖoɖo le dukɔ aɖe me alo mɔzɔla ƒe dzeƒe.
Mɔnu vovov owo li hena mɔzɔzɔ siawo.

Dɔwɔƒe si kpɔa mɔzɔzɔ nya wo gbɔ le Germany si wo yɔna be Federal Foreign Office ɖe mɔnu aɖewo ɖe  go kuɖe mɔzɔzɔ nyuitɔ kple gbegbletɔ wo ŋu ɖe mɔzɔla ƒe susu ta kuɖe eƒe mɔzɔzɔ ŋu. Mɔzɔzɔ nyuitɔ fia be elebe mɔzɔla naxɔ mɔzɔ gbalé alo visa na eƒe mɔzɔzɔ.

Germany mɔzɔ gbalé xɔ ƒe ɖo kpe edzi alo ɖo mɔnuwo daɖi be mɔzɔla ateŋu axɔ mɔzɔ gbalé na ɣeyiyi kpui aɖe ko, abe ŋkeke bla asieke le ŋkeke alɔfa ɖeka bla enyi me le Germany kple Europe dukɔwo me na tsadidi, alo ɖe dɔwɔwɔ ƒe susuwo ta. Elebe mɔzɔla na xɔ gbalé vi sike ateŋu aɖe mɔ be na xɔ mɔzɔ gbalé.[9]eye woa ɖi mɔnu na ame kpɔkpɔ na eƒe mɔzɔ gbalé xɔxɔ Germany mɔzɔ gbalé xɔ ƒe si le Ghana na mɔnu be woa kpɔ mɔzɔla ƒe agblé wo na gbe babiawo na mɔzɔ gbalé xɔxɔ.

Gbalé xɔ ƒea Do mɔnu bubuwo hã daɖi hena gbalé xɔxɔ na ɣeyiyi ɖiɖi na sukuviwo,  ƒome wo ƒe ɖeka wɔwɔ,[13] dɔwɔwɔ kple bubuawo, kple wo ƒe mɔnu siwo dzi wole be nàto hafi axɔ mɔzɔ gbalé.

Elebe mɔzɔ gbalé nanɔ mɔzɔla si yi ke awu eƒe ƒe si nu wó dzi be ye anɔ Germany lanu ɣleti etɔ̃. Mɔzɔ gbalé sia ale nɔƒe si wo me ŋlɔ naneke do o woa me eve eye elebe mɔzɔ gbalé sia na nye mɔzɔ gbalé si wo na wò le ƒe ewó si wo va yi la me. Mɔzɔla hã hía dzidzi gbalé kple eƒe nɔnɔme tata si ƒe me gbe le ɣie.  Ele hã be, Europe mɔzɔ lámesé gbalé na nɔ asiwò le ɣeyiɣi si wo katã nu ele Germany dukɔa me nɔ ge. Mamlea la, ele be dzesi ɖeɖe na nɔ asiwò le ga mɔnuwo dzi be esúte anɔ Germany dukɔa me le ƒe si nu ne dzi. Eye Ele hã be, na ɖe asi gbalé te kuɖe 
nɔ ƒe wo ƒe sewo ŋu le se gbalé ƒe akpa 54, xexlẽme evelia ƒe nu enyilia ŋu. Mɔzɔ gbalé alo visa wɔwɔ ƒe hɔmee nye euro 60.00

Ɖe tsadidi ƒe gbalé ta la, dzesi ɖeɖe ƒome kadodo le vevie. Amesi gbɔ nɛ yi na la le be woa ɖe asi gbalé te eye woa tsɔ eƒe nɔ ƒe gbalé ƒe de ana amesi le mɔzɔ gbaléa wɔm. Le lamesé nyawo go me la, elebe mɔzɔla na fia be esúte le ga mɔnuwo dzi na eƒe lámesɛ nyawo kple eƒe agbenɔnɔ kpakple gbalé tso dokita gbɔ na asi tɔtrɔ le eƒe dɔlele ŋu. Ega mía hã be dokita tso Germany dukɔa me la na na gbalé be ye le klalo be ya ateŋu aɖa dɔ na dɔlela.
Le dɔwɔwɔwo ƒe akpa dzi la, elebe mɔzɔla naxɔ kpekpe kple dɔwɔwɔ gbalé tso dɔwɔ ƒe aɖe gbɔ le Germany, kple susu si ta wóle mɔzɔm gbɔ na Germany. Ele hã be dɔwɔƒea na nɔ Germany dukɔa ƒe dɔwɔƒewo ƒe agbalẽ me.
Le hehe xɔxɔ alo gbe gbɔgblɔ ƒe nu sɔsrɔ̃wo go me la, ele be mɔzɔla na le gbalé de asi tso Germany sukua me si fia be ɛxe fe ɖesiaɖe de eƒe nusɔsrɔ ta. Eye ele hã be woa le gbalé si fia be ɛxe fea wo la hã de asi ɖe eƒe ɣeyiɣi wo katã nu.
Visa kuɖe ɖekɔnuwo, modzaka alo subɔsubɔ mɔnuwo ŋuti la, elebe mɔzɔla na le gbalé de asi si tso tatɔwo gbɔ kuɖe nusiwo wo ge wó gbɔna la ŋu.

Tɔdziʋu kple mɔzɔla wo le Libia ƒu ta.
Tɔdziʋu kple mɔzɔla wo le Libia ƒu ta
Mɔzɔzɔ tso Afrika yi Europe to mɔ madzɔmadzɔwo alo mɔ vlowo dzi le vevie ŋutɔ. Mɔzɔla ge ɖe siwo zɔ na mɔsia tɔ gbui la tso dukɔ si wo me ɖe ŋugɔ o la me le Afrika nutowome na lá nyíƒe damawo didi ŋu le Europe. Zi geɖe la, mɔzɔla siawo yi na Afrika dzie he go me vevietɔ Libia, si vazu nɔƒe gbãtɔ na mɔvlowo dzi toto hena gegeɖe Europe dukɔa me. Tso Libia la, wo do na tɔdziʋu to Atsiaƒu si woyɔna be Mediterania tsaƒu la dzi. Ame aɖewo hã toa aƒɔ to afi si woyɔna be Spanish Enclaves of Ceuta and Melilla la, tsɔ wo ƒe agbe ɖe veve gã wo me kple kume. Ame sumɔngli si tsa la wo tsɔ mɔnu kpɔkpɔ sia le ga wɔm he nɔa mɔzɔla wo blema be mɔnu kpɔkpɔ le wosi le Europe dukɔa me.

Le ƒe 2019 ƒe ɣleti adelia me la, IOM ƒe numekuku de fia be amesiwo ku to mɔvlo siawo dzi to mɔnu siwo dziwo to na to Mediterania tsaƒu dzi kple susu be yewo ageɖe Italy, Malta kple Cyprus la xexlẽme le ame alɔfa ati bla ati vɔ̃ atɔ̃ le ƒe 2019.le ɣleti wuievea me le ƒe 2019 me. Ame agbɔsɔsɔ sia yi edzi vaɖo ame alafa adre bla etɔ vɔ enyi siwo nyrɔ la me, le gbɔɖɔɖɔ akpasesɛ kple lamesé nyawo kple tsi manɔmanɔ nya wo gome woe hena ku geɖewo vae.
Ghana vi geɖewo le ame agbɔsɔsɔ sia wo me kple susu be yewo ado Europe to gbɔ be Ghana dukɔa nye dukɔ fafa kple dukɔ si súte le dukɔ bubuwo dome sike mɔvlo sia zɔlawo tso na. Ghanavi abe akpe bla atɔ̃, alɔfa ade blatɔ̃ vɔ ade sɔ̃ woe ɖo Italy to tɔdziʋu dzi le 2016,Brong-Ahafo, si maɖe akpa etɔ̃ me. Ahafo, Brong, kple Bono East, la le nɔ ƒe gbãtɔ le Ghana vi mɔzɔla siawo me. Le Ghanavi akpe ene bla asieke vɔ eve siwo wó nyá ɖoda aƒe me, tso Libia la, akpe ɖeka, alɔfa ati bla aɖe vɔ eve sɔ̃e nye Brong Ahafo viwo si fia be wole nɔ ƒe blatɔ̃ vɔ enyi de alɔfa dzi, eye Ashanti viwo hã nye alɔfa ade kple ɖeka si fia be woa wo hã le nɔ wuietɔ̃ de alɔfa dzi.

Afrika viwo dododa aƒe kuɖe Germany dukɔa sisi tso ŋu
Ame geɖe siwo dzi be yewo anɔ Germany dukɔa me kple susu be dukɔa na asi yewo atso alo be yewo awɔ ɖeka kple yewo ƒe ƒometɔwo la, me dze na dzi o. Amesi wo xɔ gbalé tɔ dukɔa ƒe mɔnu eneawo dzi be dukɔa na si yewo atsɔ la koe wo nana mɔnu be woa nɔ Germany dukɔa me. Mɔnu sia woe nye Refugee protection, Entitlement to asylum, Subsidiary protection kple National ban on Force Return. Edzi edzi la, amesiwo mateŋu fia ɖaseɖigbalɛ alo dasɛdidi aɖeke tso woƒe dukɔwo me o la koe kpɔa mɔnu alo woa wo kɔe wó nana mɔnu be woa nɔ Germany dukɔa me ne nye be wó tsi tsi tre de wó ŋu vevi le wo ƒe dukɔwo me. Amesiwo va na Germany be woa tude wo ƒe agbenɔnɔ wo dzi la , me nye amedzro wo o. Tsɔ kpe ɖe Asia ŋu la, tsadidi tso Europe dukɔ ɖeka me yi bubu me la me na mɔ be naxɔ gbalé be Germany dukɔa na si ye atso o.




#Article 50: Antwerpeni Sümfooniaorkester (168 words)


 tegutseb Flandrias ja nende kodusaal on uus  Antwerpenis. Oma peadirigendi Elim Chani ja audirigendi Philippe Herreweghe käe all soovib orkester pakkuda inspireerivat tippklassi kontserdikogemust võimalikult laiale publikule.

Orkestri ajalugu ulatub aastasse 1895, mil linna loomaaia lähedusse ehitati esimene kontserdisaal. Sealtpeale on Antwerpeni Sümfooniaorkester kujundanud endale soliidse maine ühe Belgia parima orkestrina, kelle ees on seisnud peadirigentidena ,  ja  ning kellega on teinud koostööd maailmanimega solistid. Hooajast 2019/2020 on orkestri uus peadirigent Hongkongist pärit tõusev täht  (*1986).

Antwerpeni Sümfooniaorkester on uhke, et võib olla üks Belgia kahest „kuninglikust“ orkestrist (rahvusvaheliselt tuntakse neid ka kui Flaami Kuninglikku Filharmooniaorkestrit), jagades au Liège’i orkestriga prantsuse keelt kõnelevas Belgia piirkonnas.

Antwerpeni Sümfooniaorkester on Flandria kultuurisaadik, kelle rahvusvahelised kontserditurneed toovad järjest laiemat tuntust nii neile endile kui ka nende kodukohale. Orkester esineb regulaarselt Madalmaades ja Saksamaal ning võtab ette ka reise kaugemale. Üles on astutud kuulsates saalides, nagu Viini Musikverein ja Konzerthaus, Salzburgi Festspielhaus, Amsterdami Concertgebouw, Tōkyō Suntory Hall ja Bunka Kaikan Hall, Kölni ja Müncheni Filharmoonia saalid, Budapesti Kunstipalee ja Pekingi Suur Rahvusteater.




#Article 51: Ken Miles (1018 words)


Kenneth Henry Miles nɔ agbe ƒé (1 November 1918 #x2013; 17 August 1966) eye wonye Eŋlisi lame sé ɖikeke ʋu ɖanu ɖɔwɔla kple ʋu kula si ƒe ŋkɔ ɖi hoo le eƒe fefe mɔ kuku le Amerika dukɔ kple Amerika habɔbɔ si ƒe ŋkɔ ɖi hoo le xexea me katã. Wo da asi ɖe edzi be woanɔ  habɔbɔ me.

Wodzi Miles le  November ƒe ŋkeke gbãtɔ le ƒé  1918 le Sutton Coldfield, mɔ kpuia ɖe ko tso  dũa gbɔ. Enye viŋutsu na Eric Miles kple Clarice Jarvis. Esi eƒe dzidzi be yeasi dzo yi ɖe Amerika dukɔa me medze edzi o la, Miles tasi suku esi woxɔ ƒé wuiatɔ̃ yi va wɔdɔ abe dɔsrɔ̃vi ene le , afimaye wodoe da asinu dɔ  suku be woasrɔ̃ nu tso ʋu wɔwɔ nu. Enɔa dzokeke fefewɔm hafi wo kpɔ mɔ le  le esime wowɔ Xexemeʋa evelia wɔɣi esi mekpe wo wɔ dɔ ƒé adre le afisi wo wɔ na mɔ̃ le. Wo ƒo abɔta nẽ eye wode dzesi eƒe dɔwɔwɔ nu abe  le ƒé 1942. Wokoe daɖe afisi wowɔ na zɔ le esi  wokpɔ gome le  le ƒé 1944.

Le aʋawɔwɔa megbe la, ezã dzokeke abe  , , akple  esi wonɔ   me. Adeasi va zã Ford V8 mɔ̃a le  .

Le ƒé 1952 la Miles dzo le England heyi ɖe Amerika dukua me asifi woxɔ nɔƒe ɖe Los Angeles si le California du gã me eye wowɔ dɔ abe dɔdzi kpɔla le Gough dɔwɔƒea si le California dziehe MG nudzraƒe. Le ƒé 1953 la edudzi enuenu zi wuiene le  mɔ̃kuku hoʋiʋlia me le MG ƒe mɔ̃ tɔxe si tã eye wowɔ le eɖokui si.

Le ƒé 1955 ɣeyiɣi me la, ega tã, wɔ eye woɖe gbeƒã  evelia si le tɔxe si wowɔ le MG ʋumenu siwo wonya be Flying Shingle. Ekpɔ dzidzedze blibo le SCCA F si wotrɔ ƒome si wowɔ ɖe ɣetoɖoƒeƒuta nutowo dzi. Miles le mɔdodo ƒe hoʋiʋli  Flying Shingle le Palm Springs le March ɣleti me, ewu hoʋiʋli nu kple nuƒe gbãtɔ esi wo ʋli  ho kple mɔdola xoxo Cy Yedor, si hã ʋlia ho le MG Special, kple  amesi le hoʋiʋli srɔ̃m James Dean le Porsche 356 Speedster. Le ɣeyiɣi kpuia ɖe megbe la meda asi ɖe Miles be woaga  ʋliho le vodada aɖewo si nɔ eƒe mɔ̃ ʋu ƒe afɔti si keke ŋu, le esia ta woɖe mɔ na  Yedor kple Dean be 'dzokpo' va nɔƒe gbãtɔ kple evelia. Le ƒé 1956 me la, Miles ʋli  ho kple John von Neumann ƒe Spyder zi geɖe le Cal Club kple SCCA hoʋiʋliawo me.

Le ƒé 1957 ɣeyiɣi me la (le  nuwɔwɔ aduadu kple Otto Zipper), Miles ƒe aɖaŋudɔwɔ wo tsɔ wɔ Porsche 550S ƒe mɔ̃ kple mɔ̃a ƒe zɔzɔ le  ƒé 1956, Cooper ƒe agbatsɔti kple mɔ̃a ƒe ŋuti. Dozokeke si wotsɔ ʋlia ho si wowɔ lae enye evelia si wɔwɔ dze edzi pɛpɛpɛ si woyɔna le ɣetoɖoƒeƒuta nutowo me be the Pooper,  gbãtɔ si wo wɔ le ƒé 1950s ƒe gɔme dzedzea me 1950s  si nye Cooper agbatsɔti kple mɔ̃a ƒe ŋuti si wo wɔ kple Porsche 356 keteke ŋuse si  tso Tacoma le  Washington du gã me wɔ dɔ,  tu eye wo ɖe gbeƒã.  ʋu si xɔ ŋukɔ F Modified class tso SCCA le ɣetoɖoƒeƒuta nutowo me le ƒé 1957 kple 1958 ɣeyiɣiwo me esi Miles nɔ mɔ̃a kum driving.

Le eƒe aɖaŋu blibo kple  dzɔdzɔmenunana ta, abe ʋu kula kple  mɔ̃ɖaŋudɔwɔla ta, Miles nye ame vevi si nɔ / hoʋiʋli habɔbɔa me le ƒé 1960 gɔmedzedzea me . Miles  ŋutɔe gblɔ nya sia wo bene:Mɔ̃ɖaŋudɔwɔlae menye. Esie nye mɔ si dzi me zɔ le nye asinudɔ wɔwɔ ƒe agbe mɔ dzi.  Mɔ̃ kuku nye kamedefefe kple modzakaɖeɖe nam, abe alesi  gɔlf ƒoƒo vivia ame bubuwo ŋu ene. Edzronam be maku  Formula One mɔ̃a menye na nunana gã aɖe xɔxɔ o gake be manya alesi wole la ene.  Ðe wòhiã be mabu be nusia nye kpɔdzidzɔ vivisese nukokoedonamea!Le  eƒe  gbe si nye Brummie ( tso wo de Birmingham, amesi xɔŋkɔ le xexea ƒe afi sia afi le ʋu wɔwɔ ta) he kpe ɖe eƒe agbe nɔnɔ si me mekɔ tututu kple eƒe seselelãme vevewo woe be exɔlɔ̃wo Amerika mɔ̃ kuku hoʋlilawo yɔnɛ lɔlɔ̃tɔe be, Teddy Teabag (ɖe alesi wonoa tii) alo Sidebite (ɖe alesi wo ƒoa nu le eƒe nu ƒe axadzi). Edze agbagba vevie le ewɔwɔ and dzidzedze le  hoʋiʋlil ʋu wɔwɔwo  le SCCA, USRRC kple FIA fefe  hoʋiʋli ʋu le ƒé 1962 kple 1965 hekpe ɖe  kple 427 wɔwɔ siwo nye Cobra kple .

Eƒe dɔwɔwɔ na wo zu amegã si dɔa mɔ̃wo kpɔ na   le ƒé 1963.

Miles nye amesi xɔ ŋkɔreputation le bubudeameŋu mɔ dzi eye wo woyɔnɛ be  of the West Coast. Esi wonɔ  kple AC-Cobra Ford Haboboa la, Miles geɖe  me le ƒé 1964 Player's 200 le . 

Le ƒé 1965 me la, ezã  mɔ̃a kple  le  gake exɔ dzudzɔ esi  eƒe gearbox gblẽ. Le ƒéa ƒe gɔmedzedzea me la, eya kple McLaren, exe nɔƒe evelia esi wo ʋli ho le.

Esi ƒé trɔ la, ekpɔ dziɖuɖu le 4 Hours of Daytona ho ʋiʋlia me esi wozã  Ford GT Mk.II mɔ̃a kple Lloyd Ruby, eyidzi kpɔ dziɖuɖu le 12 Hours of Sebring ho ʋiʋlia hã me. Le ɣleti aɖewo megbe l esi woʋli ho kple Denny Hulme la, Miles ganɔ 1966 24 Hours of Le Mans kplɔm, esi Ford megã Leo Beebe, doe kplikpa be yea wɔawɔ gbeƒãɖeɖe le ʋu etɔ̃aaɖewo ƒe nutata siwo wowɔ vɔvɔvɔ la ŋti  la ena gbe bel  ne bɔbɔ ɖe eme si dzi Shelby lɔ̃ ɖo. Eyata le Ford ʋu si wo gawɔ si Bruce McLaren/Chris Amon  kuna la eye woxɔ nɔfe etɔlia le Ford ƒe mɔ̃awo  ɖome si wo kple vea ɖitsa kple. The French race officials, after initially agreeing to Ford's dead-heat photo-finish, reneged during the final hour of the race.  McLaren's #2 car crossed the finish line just ahead and was declared the winner. It was rumoured that Miles, upset about the team orders, lifted off to allow McLaren to finish a length ahead. Miles was denied the unique achievement of winning Sebring, Daytona, and Le Mans in the same year.




#Article 52: Andy Lally (336 words)


Andrew Lally (wodzii le February 11, 1975)  amesi nye Amerika bi le fefe kple adzɔnudzadzra ʋu si wotsɔ ʋlia ho ku la eye wo ga nye mɔdzi street Luge ho ʋli la.  Fifia la, eʋlia ho ɣeyiɣiawo katã le , esi wokua Audi R8 na Magnus Racing, eye  ɣeyiɣi aɖewo le , afisi wokua No. 02  na .

Togbɔbe Lally kpɔ dziɖuɖu le ƒé 2011  Rookie hã la ,wonyae ga nyuie le eƒe bibi le mɔdzi ʋu hoʋiʋli Grand Am Rolex Sports Car Series (Esi wo yɔ na fifia be) hekpeɖe American Le Mans Series. Le ƒé 2010 ɣleti May me la Andy kpɔ dzesi dede abe ame evelia si bi le Grand Am Rolex Series mɔa kuku me esi wowɔ 100 gɔmedzedze, eye wopkɔ dziɖuɖu le  hoʋiʋlia me le April 24, 2010. Le January 2012 me la Andy dzeagbagba xɔ ŋkɔ ɖe alesi eƒe hoʋiʋlia yidzi wu tsã la ta le Grand Am Rolex Series esi woxɔ  dziɖuɖu enelia le  le  GT class. Lally xɔ dziɖuɖu tɔxe atɔ̃lia le   le January 31, 2016, esia de dzesi eŋuti bena ekpɔ dziɖuɖu zi ene le xexeme hoʋiʋlia le Rolex 24 Hours of Daytona katã me.  

Le ƒé 2017 esi wowɔ dɔ kple Magnus Racing la, Lally elɔ̃ de asi agbalẽ le wɔdɔ na  kple  esi wohe 2017  yeyea si wowɔ le go . Lally wɔ ɖeka kple KKatherine Legge le ɖekawɔwɔ  siame la wopkɔ dziɖuɖu le nɔƒe gbãtɔ kple velia le xexeame le asitɔtrɔ le  kple  ta. Lally gadze agbagba dokɔ  gbãtɔ le ʋu tɔtrɔ ɖe kpo ŋuti exexeme hoʋiʋlia me na Watkins Glen le 6 Hours of Watkins Glen.

Le ƒé 2018 me laLally gagbugbɔ trɔ va Magnus Racing le ʋu me Audi R8 LMS eye wodze ɣeyiɣia gɔme le The Rolex 24 at Daytona.

Lally xɔ ŋukɔ le eƒe agbagba ddzedze si na wodo kɔ etɔ̃ gbãtɔawo le hoʋiʋliwo ene me na NASCAR Xfinity Series esi woxɔ nɔƒe atɔ̃lia le ƒé 2017 Mid-Ohio Sports Car Course hoʋiʋlia me afifi wokpɔ dzidzedze blibo le dɔwɔwɔ me. 




#Total Article count: 52
#Total Word count: 19086